Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 14:2 - Agbenya La

2 Migahe nya kple ame aɖeke be enyo be wòaɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo loo alo menyo o. Mixɔe se be nu vɔ̃ aɖeke mele nu sia me o, ke ame siwo ƒe xɔse gbɔdzɔ wu mia tɔ la buna be menyo o, eye woagbe lãɖuɖu kura aɖu amagbewo ko ɖe lã ma tɔgbi ɖuɖu teƒe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ame ɖeka xɔna sena bena, yeate ŋu aɖu nusianu, ke amesi gbɔdzɔ la, ama ko wòɖuna.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 14:2
18 Mawu Ofanana  

Mawu gagblɔ be “Metsɔ nu miemie siwo tsea ku le anyigba blibo la dzi kple ati tsekuwo na mi abe miaƒe nuɖuɖu ene.


Nu sia nu si le agbe, eye woʋãna la anye nuɖuɖu na mi. Abe ale si metsɔ amagbewo na mi kpɔ ene la, nenema ke mele nu sia nu tsɔm le asi dem na mi fifia.


Amagbenuɖuɖu si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la nyo wu nyivi dami ɖuɖu si ŋu fuléle kpe ɖo.


“Meɖe kuku do wò dɔlawo kpɔ ŋkeke ewo. Mègana nu bubu aɖeke mí wu amagbe si míaɖu kple tsi si míano o.


Ale ameŋudzɔla la ɖe nuɖuɖu nyui si woaɖu kple wain si woano la ɖa eye wòtsɔa amagbewo na wo ɖe wo teƒe.


Mixɔ nɔvi ɖe sia ɖe si adi be yeage ɖe hamea me la nyuie, ne eƒe xɔse mesẽ ŋu o hã. Migahe nya ɖe eŋu le eƒe susu siwo to vovo tso mia tɔwo gbɔ la ŋu le nu si nyo alo nu si menyo o la ta o.


Le nye ŋutɔ gome la, meka ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ dzi be naneke megblẽ le lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu ŋu o. Ke ne ame aɖe ya xɔe se be menyo o la, ekema mele be wòaɖui o, elabena menyo le eya gbɔ o.


Migana lãkɔ ɖeka nagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ me o. Miɖo ŋku edzi be naneke megblẽ le lã ŋu o, ke enye nu vɔ̃ be nàɖui, eye wòazu nuɖiaɖia na ame bubu.


Ehiã be mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la, míabu ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, eye míagadze mía ɖokui ŋu o.


Azɔ ne mieyi asi me la, miƒle lã ɖe sia ɖe si dzram wole, eye migabia be afi ka lãa tso hã o. Ne menye nenema o la, ɖewohĩ ŋuɖoɖo la aɖe fu na miaƒe dzitsinya.


Ke ɖeko miakpɔ nyuie be miaƒe ablɔɖe ŋuti dɔ wɔwɔ mezu nu kikli na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo o.


Ne mele ame siwo ƒe xɔse meli ke tututu haɖe o la dome la, megbɔa dzi ɖi na wo ale be woalɔ̃ be makpe ɖe yewo ŋu. Ɛ̃, medzea agbagba be masɔ kple ame sia ame le mɔ ɖe sia ɖe dzi, ale be makpɔ mɔnu aɖe kokoko aƒo nu nɛ tso Kristo ŋu be wòakpɔ ɖeɖe tso egbɔ.


Elabena hafi ŋutsu aɖewo natso Yakobo gbɔ ava la, enɔa nu ɖum kple ame siwo menye Yudatɔwo o la. Gake esi wova ɖo la, ehe ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖe aga tso ame siwo menye Yudatɔwo o la ŋu, elabena enɔ vɔvɔ̃m na ame siwo nye aʋatsotsotɔwo.


Elabena nu sia nu si Mawu wɔ la nyo, eye miate ŋu aɖui kple dzidzɔ nenye be mieda akpe ɖe eta,


Ame siwo dza la, nu sia nu le dzadzɛe na wo, ke ame siwo me gbegblẽ le, eye womexɔe se o la, naneke mele dzadzɛe le wo gbɔ o. Le nyateƒe me la, woƒe susu kple dzitsinya katã me do viviti.


Migana nufiafia trama aɖeke nakplɔ miaƒe susuwo adzoe o. Enyo be woatsɔ amenuveve ado ŋusẽ miaƒe dziwo, ke menye to nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, esiwo mehea viɖe aɖeke vanɛ na ame siwo ɖunɛ la o.


Wonye nuɖuɖu, nunono kple ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu vovovowo ko ƒe nya, esiwo nye gotadzesiwo ƒe ɖoɖowo, esiwo nɔ anyi va se ɖe esime ɖoɖo yeyea va.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa