Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 11:8 - Agbenya La

8 Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm be, “Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo, womia woƒe ŋkuwo, eye woƒe towo me xe, Aleae wòle va se ɖe egbe.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo, ena ŋku wo, bene womagakpɔ nu o, kple to wo, bene womagase nu o“ vaseɖe egbegbe.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 11:8
13 Mawu Ofanana  

Nu sia gale edzi yim le wo dome kokoko va se ɖe egbe. Wogale woƒe mawusubɔsubɔ ƒe wɔna tsãtɔwo wɔm le esime woasubɔ Yehowa nyateƒetɔe alo awɔ se siwo Yehowa na Yakob, ame si ŋkɔ wòtrɔ zu Israel dzi la teƒe.


Esi wole Yehowa subɔm hã la, wogale woƒe legbawo subɔm. Va se ɖe egbe la, wo viwo kple woƒe tɔgbuiyɔviwo gale nu siwo wo fofowo wɔ la wɔm kokoko.


Yehowa na alɔ̃ sesẽ aɖe dze mia dzi. Eyae tre mi nyagblɔɖilawo ƒe ŋkuwo, eye wòtsyɔ nu ta na mi nukpɔlawo.


Egblɔ nam be, “Yi nàgblɔ na ame siawo be, ‘Miaƒe towo ase nyawo, gake miase egɔme o. Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu, gake miele si dze gee o.’


‘Mise nya sia, mi bometsilawo kple susumanɔsitɔwo, ame siwo ŋku li na, gake womekpɔa nu o, ame siwo to li na, gake womesea nu o.’


“Ame vi, èle dukɔ dzeaglã aɖe me. Ŋku li na ameawo be woakpɔ nu, gake womekpɔa nu o, to li na wo be woase nu, gake womesea nu o, elabena wonye aglãdzelawo.


Mena woto woƒe nunana si nye woƒe ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe tsɔtsɔ sa vɔe la me gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui, ale be mana be vɔvɔ̃ naɖo wo, eye woanya be nyee nye Yehowa.’


Ke egblɔ na wo be, “Miawo la, wona nunya mi be miase mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo gɔme, ke hena ame bubuwo la, meƒoa nu na wo le lododowo me ale be, “ ‘Ne wokpɔ nu la, womadze sii o, ne wose nu hã la, womase egɔme o.’ ”


“ ‘Yi dukɔ sia gbɔ, eye nàgblɔ be, “Miaƒe towo ase nyawo, gake miase wo gɔme o. Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu, gake miele si dze gee o.”


gake va se ɖe egbe la, Yehowa mena dzi nyanu mi be miase nu gɔme o, mena ŋku mi be miakpɔ nu o, eye mena to mi be miase nu o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa