Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 11:4 - Agbenya La

4 Mieɖo ŋku ale si Mawu ɖo nya sia ŋu dzia? Mawu gblɔ be, “Ao, menye wò ɖeka koe susɔ o. Ame akpe adre sɔŋ le asinye kpe ɖe ŋuwò, ame siwo galɔ̃am kokoko, eye womedea ta agu na legbawo o!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke nya ka Mawu ɖo ŋu nɛ mahã? „Mesusɔ ŋutsu akpe adre, siwo medze klo na Baal o la ɖi na ɖokuinye.“

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 11:4
12 Mawu Ofanana  

Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe Yezebel, Sidon fia Etbaal ƒe vinyɔnu eye wòde asi Baal subɔsubɔ me.


Eɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ. Wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.”


Ke hã la, magblẽ ame akpe adre ɖe Israel, ame siwo medze klo na Baal o eye wometsɔ woƒe nuwo gbugbɔ nu nɛ o.”


Ame siwo susɔ ɖe Zion, ame siwo tsi Yerusalem la, woayɔ wo be kɔkɔe, ame siwo katã ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem.


Wotu nuxeƒewo na Baal be woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo le afi ma abe vɔsa na Baal ene, nu si nyemeɖo na wo alo gblɔ na wo kaka wòayi nye ta me va ge o.


Tsã la, ne Efraim ɖe gbe la, dukɔwo ʋuʋuna nyanyanya, elabena wodoe ɖe dzi le Israel, gake edze Baal subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me eye wòku.


Menyae be nyee naa bli, aha yeye, ami, sika kple klosalo si wòtsɔ le eƒe mawu, Baal subɔmii la ye o.


“Mado nye asi ɖe Yuda kple ame siwo katã le Yerusalem la gbɔ. Maɖe nu siwo katã susɔ na Baal la ɖa le teƒe sia; maɖe trɔ̃nuawo kple nunɔla siwo gasubɔa trɔ̃ hã ƒe ŋkɔwo ɖa,


Sẽe kple sẽe ko la, Israelviwo katã de asi Moabtɔwo ƒe mawu, Baal Peor subɔsubɔ me. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israelviwo ŋu.


Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si Yehowa wɔ le Baal Peor kple miaƒe ŋkuwo. Yehowa, miaƒe Mawu la tsrɔ̃ ame siwo katã dze Baal Poer yome la le mia dome.


wogblẽe ɖi eye wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa