Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 11:18 - Agbenya La

18 Gake mikpɔ nyuie be miagaƒo adegbe be wotsɔ yewo ɖo atilɔ siwo wolã ɖa la teƒe o. Miɖo ŋku edzi be miele vevie le ale si mienye Mawu ƒe ati la ƒe akpa aɖe la ɖeɖe ko ta; alɔ ko mienye, menye ati la ƒe kee mienye o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 ekema megaƒo adegbe ɖe alɔwo ŋuti o, ke ne èƒo adegbe la, menye wòe lé kè la ɖe asi o, hafi kè lae lé wò ɖe asi boŋ.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 11:18
14 Mawu Ofanana  

Israel fia Ahab ɖo eŋu be, “Miyi ɖagblɔ na Fia Ben Hadad be, ‘Ame si le aʋa wɔ ge la maƒo adegbe o, ke ame si wɔ aʋa ɖu dzi la koe aƒo adegbe!’ ”


Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.


Petro tɔ asi akɔ gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame ka hlẽ le ŋuwò hã la, nye ya nyemadzo le gbɔwò gbeɖegbeɖe o.”


Alẽha bubuwo le asinye siwo mele alẽkpo sia me o. Ele be makplɔ wo va gbɔnyee. Woawo hã, woase nye gbe be wo katã woanye alẽha ɖeka, anɔ Kplɔla ɖeka te.


Mi Samariatɔwo la, miesubɔa nu si mienya o, ke míawo la, míesubɔa nu si míenya, elabena xɔxɔ la tso Yudatɔwo gbɔ.


Esi Paulo va ɖo ʋɔnua ko la, Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paul ŋu, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋu aɖeke le o.


Kpɔ nyuie. Ɖo ŋku edzi be wolã alɔ siwo nye Yudatɔwo la ɖa, elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye miawo miezu alɔwo le miaƒe dzixɔse ɖeɖe ko ta. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi o, ke nɔ vɔvɔ̃m boŋ.


Esia ta adegbeƒoƒo aɖe lia? Adegbeƒoƒo aɖeke meli o. Nu ka ta míaƒo adegbe ɖo? To se la dzi wɔwɔ mea? Gbeɖe, ke boŋ to xɔse me.


Eya ta ŋugbedodo la vana to xɔse me be wòanye amenuveve, eye wòanye Abraham ƒe dzidzimeviwo katã, menye ame siwo le se la te ɖeɖe ko o, ke boŋ ame siwo si xɔse le abe Abraham ene. Eyae nye mí katã fofo.


Eya ta ame siwo buna be nu siawo mate ŋu adzɔ ɖe yewo dzi o la nakpɔ nyuie be womagadze tetekpɔ me o.


Ne mienye Kristo tɔ la, ekema mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo kple domenyilawo le ŋugbedodo la nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa