Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 11:11 - Agbenya La

11 Megale biabiam be: Ɖe Mawu gbe Yudatɔwo tegbetegbea? Gbeɖe! Eƒe taɖodzinue nye be yeana ɖeɖekpɔkpɔ nasu ame siwo menye Yudatɔwo o la hã si, bena Yudatɔwo naʋã ŋu wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ekema mebe: Ɖe wokli nu, bene wòadze anyia? Gbeɖe! Ke le woƒe anyidzedze ŋuti wotsɔ xɔxɔ na trɔ̃subɔlawo, bene woana woamawo naʋã ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 11:11
14 Mawu Ofanana  

Ɖe mekpɔa dzidzɔ le ame vɔ̃ɖi ƒe ku ŋutia? Ke boŋ ɖe nyemekpɔa dzidzɔ ne wotrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi henɔ agbe nyui oa?” Nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ.


Elabena nyemekpɔa dzidzɔ le ame aɖeke ƒe ku ŋuti o. Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


Gblɔ na wo be Aƒetɔ Yehowa be, ‘Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame vɔ̃ɖi ƒe ku medoa dzidzɔ nam o, ke boŋ medina be woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye woanɔ agbe. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe mɔ vɔ̃wo ŋu! Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe?’


Magblɔe na mi. Agbletɔa ava, eye wòana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòatsɔ waingble la de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.” Nyaselawo alo ameha la gblɔ nɛ be, “Kpao, meganɔ nenema o!”


Gbe ma gbe la, Paulo kple Barnabas nɔ go dom le ƒuƒoƒea la, ameawo gblɔ na Paulo be eƒe nyawo vivi yewo nu ŋutɔ, eya ta wòagatrɔ ava ƒo nu na yewo le Dzudzɔgbe si agava la dzi.


Ke le ale si Yudatɔwo tsi tsitre ɖe Paulo ŋu sesĩe, eye gawu la, wonɔ busunyawo gblɔm ta la, Paulo ɖe asi le woƒe nya me, eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la, magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o.”


Megale biabiam ake be: Ɖe Israeltɔwo mese nya la gɔme oa? Mosee nye ame gbãtɔ gblɔ be, “Mana miaʋã ŋu ɖe dukɔ si menye dukɔ o la ŋu; eye mana miado dɔmedzoe ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu.”


Azɔ mele biabiam be, ɖe Mawu gbe eƒe amewo mahã? Gbeɖe! Nye ŋutɔ hã Israeltɔ menye; Abraham ƒe dzidzimevie menye tso Benyamin ƒomea me.


Azɔ ne woƒe anyidzedze zu xexea me katã ƒe yayra, eye woƒe bubu zu ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe yayra la, ekema mibu yayra gã si wu esia si ava xexea me dzi ne Yudatɔwo hã va xɔ Yesu la ŋu.


ale be ne mate ŋui la, mana nye ŋutɔ nye amewo adi nu si le mi ame siwo menye Yudatɔwo o la si, eye mato esia me aɖe wo dometɔ aɖewo.


Azɔ la, Yudatɔwoe nye aglãdzelawo. Gake gbe ɖeka la, woawo hã akpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve si wòkɔ ɖe mia dzi la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa