Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 10:8 - Agbenya La

8 Ke nya ka wògblɔ? “Nya la tsɔ ɖe gbɔwò kpuie; ele wò nu me, eye wòle wò dzi me hã.” Esia nye xɔse si ŋu míele gbeƒã ɖem le la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke nuka wògblɔ? „Nya la tso ɖe gbewo kpuie, ele nuwò me kple dziwò me hã;“ esiae nye xɔse, si ƒe gbe ƒã ɖem míele la.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 10:8
14 Mawu Ofanana  

Matsɔ kafukafuha ade nu na Israel ƒe konyifalawo, eye ŋutifafa, ŋutifafa na ame siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa. Nye la, mayɔ dɔ wo katã.” Yehowae gblɔe.


Nyagblɔɖilawo katã hã ŋlɔ nu tso Yesu ŋu gblɔ be ame sia ame si axɔ edzi ase la, woatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee to eƒe ŋkɔ la me.”


Woɖo eŋu nɛ be, “Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, ekema wò kple wò aƒe blibo la miakpɔ xɔxɔ.”


Ke xɔse vana na ame to nyanyui la sese me, eye nyanyui la tsoa Mawu ƒe nya me vana.


Medi be mabia nya aɖe mi: Ɖe miexɔ Gbɔgbɔ la to se la ƒe dɔwɔwɔwo me, alo to nya si miese la dzixɔse mea?


Eya ta megale biabiam be ɖe Mawu tsɔ eƒe Gbɔgbɔ la na mi, eye wòwɔ nukunuwo le mia dome to se la ƒe dɔwɔwɔwo me, alo to nya si miese la dzixɔse mea?


be yeawɔe wòanɔ kɔkɔe to eŋutikɔklɔ kple tsi to nya la me,


Ke boŋ wote ɖe mia ŋu kpokploe, wole miaƒe dzi me kple miaƒe nu me, ale be miate ŋu awɔ wo dzi.


Ne èɖe nu siawo me na ame bubuwo la, ànɔ wò dɔdeasi wɔm abe Yesu Kristo ƒe subɔla nyui si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia dzɔdzɔetɔ si yome nèdze la nu ene.


Elabena wogbugbɔ mi gadzi, menye tso ku gbegblẽ me o, ke boŋ tso ku magblẽmagblẽ me, to Mawu ƒe nya si le agbe, eye wònɔa anyi tegbetegbe la me.


ke Aƒetɔ la ƒe nya la nɔa anyi yi ɖe mavɔ me.” Ke esiae nye nya si wogblɔ na mi la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa