Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 10:14 - Agbenya La

14 Azɔ aleke woayɔ ame si dzi womexɔ se o la mahã? Eye aleke woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye aleke woawɔ ase nya tso eŋu ne ame aɖeke megblɔe na wo o?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyuie gbeƒãɖelaa ɖeke mele wo si o mahã?

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 10:14
22 Mawu Ofanana  

Nu si dzɔ la na be ʋua me nɔlawo katã vɔ̃ Yehowa ŋutɔ, eye wosa vɔ na Yehowa heɖe adzɔgbe nɛ.


Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ gã aɖe lé ʋukulawo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ eƒe mawu yɔm kple ɣli, eye wotsɔ agba si wodo na meli la ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me be meli la nazu wodzoe vie. Esi nu siawo katã nɔ edzi yim la, Yona ya nɔ alɔ̃ dɔm dzidzemetɔe le afi si wòbe ɖo.


“Woɖo eŋu nɛ be, ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’ “Agbletɔ la gblɔ na wo be, ‘Ekema miyi nye agble me, eye miakpe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma la ŋu.’


Ke woŋlɔ esiawo da ɖi be miaxɔe se be Yesue nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi la, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ me.


Ŋutsu la biae be, “Aƒetɔ, ame kae? Gblɔe nam, ne maxɔ edzi ase.”


Paulo bia wo be, “Esi miexɔ se la, miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mahã?” Ke woɖo eŋu be, “Ao, míexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, eye le nyateƒe me la, míese eŋkɔ kpɔ gɔ̃ hã o.”


Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ao, nɔvi, aleke mate ŋu ase egɔme esi ame aɖeke meli aɖe eme nam o?” Azɔ eɖe kuku na Filipo be wòage ɖe tasiaɖam la me anɔ ye xa. Filipo wɔ nenema.


Azɔ la, to Yesu Kristo me la, wokɔ Mawu ƒe dɔmenyo ɖe mí nu vɔ̃ wɔla madzemadzewo dzi, eye azɔ la, ele mía dɔm ɖe xexea me be míagblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na xexea me la na ame siwo menye Yudatɔwo o la katã le afi sia afi, ale be woawo hã naxɔ edzi ase, eye woaɖo toe.


Eva gblɔ ŋutifafa nyanyui la na mi ame siwo nɔ adzɔge ke tso egbɔ, eye wògblɔ ŋutifafa na ame siwo te ɖe eŋu la.


Vavã miese eŋkɔ, eye wofia nu mi le eya amea me, le nyateƒe si le Yesu me la nu.


Menye ɖe wole atsiaƒu la godo, eye wodidi tso mia gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu agblɔ wo me nyawo na mi o.


Ke Aƒetɔ la nɔ ŋunye, eye wòna mɔkpɔkpɔm be magblɔ mawunya dzideƒotɔe na xexea me katã. Ekpe ɖe ŋunye hã be wometsɔm na dzatawo o.


eye wòɖe eƒe nya la fia le eya ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi, to nyanyui la gbɔgblɔ si wòtsɔ de asi nam le Mawu, mía Ɖela la ƒe gbeɖeɖe nu.


Xɔse manɔmee la ame aɖeke mate ŋu adze Mawu ŋu o, elabena ame si va Mawu gbɔ la ele be wòaxɔe se be Mawu li eye wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie.


Eye gbe si wodo ɖa le xɔse me la ana be amea ƒe lãme nasẽ, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre. Ne ewɔ nu vɔ̃ hã la, woatsɔe akee.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa