Ewɔ nuku nam ŋutɔ be miele mia ɖokuiwo hem ɖa kaba alea tso Mawu, ame si yɔ mi be miakpɔ gome le agbe mavɔ si wòna to Kristo ƒe amenuveve me la gbɔ. Miedze nyanyui bubu aɖe yome,
Gawu la, le nu si Kristo wɔ ɖe mía nu ta la, míezu nunana xɔasi siwo ŋuti Mawu kpɔa dzidzɔ le la, elabena abe ɖoɖo si Mawu wɔ la ƒe akpa aɖe ene la, etia mí tso gɔmedzedzea me ke be míanye ye tɔwo, eye nu siawo katã le eme vam pɛpɛpɛ abe ale si wòɖoe tso blema ke ene.
Ehe ŋutifafa sia vɛ na mi, ame siwo nɔ adzɔge tsã tso Mawu gbɔ la hã. Tsã la, mienye Mawu ƒe futɔwo, mielé fui, eye miaƒe susu vɔ̃wo kple vɔ̃wɔwɔwo na be mi kplii dome klã, gake azɔ la, egakplɔ mi va eɖokui gbɔe abe exɔlɔ̃wo ene.
Nyanyui si wogblɔ na mi la, eya ke gblɔm wole le xexea me godoo, eye wòle amewo ƒe agbenɔnɔ trɔm le afi sia afi, abe ale si wòtrɔ miaƒe agbenɔnɔ tso ŋkeke gbãtɔ si dzi miese nu tso Mawu ƒe amenuveve gã na vɔ̃ wɔlawo ŋu eye miese eme le nyateƒe me ene.
Míeɖea kuku na mi, dea dzi ƒo na mi, eye kura gɔ̃ hã la, míedina tso mia si be miaƒe agbenɔnɔ naganye nuɖiaɖia na Mawu o, ke boŋ wòahe dzidzɔ vɛ na eya ame si yɔ mí va eƒe fiaɖuƒe la me be míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe la me.
Eyae ɖe mí, eye wotia mí na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexea me be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia mí to Kristo Yesu dzi.
Ke miawo la, mienye ame tiatiawo, fia la ƒe nunɔlawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ tɔ, be miaɖe gbeƒã ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe nukukekeli me la ƒe kafukafu.
Nye, Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔviŋutsu gbɔe agbalẽ sia tso, Na ame siwo woyɔ, ame siwo Mawu Fofo la lɔ̃, eye wòlé wo ɖe te le Yesu Kristo me: