Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 1:26 - Agbenya La

26 Le esia ta Mawu tsɔ wo de asi na dzodzro vɔ̃wo; woƒe nyɔnuwo gɔ̃ hã tsɔ nu siwo menye dzɔdzɔmenuwo o la ɖɔli dzɔdzɔmenuwoe le gbɔdɔdɔnyawo gome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eyaŋuti Mawu tsɔ wo de asi na ahɔhlɔ̃bɔbɔ yomenɔnɔ; elabena woƒe nyɔnuwo tsɔ dzɔdzɔme ƒe kɔnu wɔ nusi mele dzɔdzɔme nu o;

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 1:26
14 Mawu Ofanana  

eye woɖe gbe na Lot be, “Kplɔ ŋutsu mawo vɛ na mí be míadɔ kpli wo.”


eya ta meɖe asi le wo ŋu na woƒe dzi sesẽwo, ne woadze nu siwo woawo ŋutɔ ɖo la yome.


Eya ta, le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu la, Mawu tsɔ wo de asi na ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye be woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo kple wo nɔewo.


Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la, Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o.


Ɖe mienyae be ame vɔ̃ɖiwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o. Ahasiwɔlawo, trɔ̃subɔlawo, matrewɔlawo kple ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsu bubuwo,


Esi ŋukpe aɖeke megale mo na wo o ta la, wotsɔ wo ɖokuiwo na nu tovo wɔwɔ, ale be woakpɔ gome le ŋunyɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ me, eye wole nu sia wɔwɔ dzi ɣe sia ɣi.


Elabena enye ŋukpe be tomaɖolawo naƒo nu le woƒe vivimenuwɔnawo ŋuti.


ke menye kple fieŋuifieŋui ƒe dzodzro vɔ̃wo, abe ale si trɔ̃subɔla siwo menya Mawu kple eƒe mɔwo o la wɔnɛ ene o.


na ahasiwɔlawo kple nu tovo wɔlawo, amesitsalawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo kple nu sia nu si tsi tsitre ɖe nufiafia vavãtɔ


Gake ame siawo ya ƒoa nu kple dzugbe ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋuti, eye nu sia nu si gɔme wose to seselelãme me abe lã siwo mebua ta me o ene la, nu siawo kee nye nu siwo gblẽa wo dome.


Nenema ke Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo nɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzomavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu.


Esi wonɔ dzidzɔ dom na wo ɖokui la, ŋutsu vlo aɖewo tso dua me va ƒo xlã aƒe la eye wonɔ ʋɔa ƒom sesĩe nɔ ɣli dom bobobo gblɔ na ŋutsu tsitsi la be, “Kplɔ ŋutsu si va dze aƒewò me la do goe ne míadɔ kplii.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa