Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 1:23 - Agbenya La

23 elabena wotsɔ Mawu makumaku la ƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli aklamakpakpɛwo be wòanɔ abe amegbetɔ, dziƒoxeviwo kple lã afɔenewo kple nutatawo tɔ ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 eye woɖɔ li Mawu magblẽmagblẽ la ƒe ŋutikɔkɔe la, bene wòaɖi ame gbegblẽ kple xeviwo kple lãfɔnewo kple nutatawo ƒe nɔnɔme.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 1:23
16 Mawu Ofanana  

Wotsɔ woƒe Ŋutikɔkɔe ɖɔli nyitsu si ɖua gbe.


Ekema ame ka míatsɔ asɔ kple Mawu, eye nɔnɔme ka míatsɔ asɔ kplii?


Miwu mo dzi ne miakpɔ dziƒo. Ame ka wɔ nu siawo katã? Ame si ɖe dziƒoŋunuwo ɖe go ɖekaɖeka, eye wòna ŋkɔ ɖe sia ɖe lae. Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple eƒe alɔ sesẽ la ta, mena ɖeke bu le wo dome o.


Atikpala tsɔ nudzidzenu, eye wòtsɔ ɣe te fli ɖe teƒe siwo wòdzidze. Etsɔ nukpafi zrɔ̃ teƒeteƒewoe, eye wòtsɔ nudzidzega dzidzee. Ekpae ɖe ame ƒe nɔnɔme me, le ame ƒe dzedze nyuitɔ me be wòate ŋu atsɔe ada ɖe trɔ̃xɔ me.


Ɖe dukɔ aɖe ɖɔli eƒe mawuwo kpɔa? Evɔ menye mawuwoe wonye hafi o; gake nye dukɔ tsɔ woƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli legba maɖinuwoe.


Ale meyi, eye mekpɔ be wota nu siwo tana kple lã nyɔŋuwo kple Israel ƒe aƒe la ƒe legba ƒomeviwo katã ɖe gliawo ŋu va kpe ɖo.


Ekpɔ anyigbadzilã afɔenewo, lã tatawo kple dziƒoxevi vovovowo le avɔ la dzi.


“Ne míenye Mawu viwo la, ekema menyo be míabu be Mawu nye legba si amegbetɔ awɔ kple sika alo klosalo alo kpe le ame ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple tamesusu nu la o.


Wotsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔli aʋatsoe; wosubɔa nuwɔwɔwo, eye wodea ta agu na wo wu wo Wɔla, ame si wòle be woakafu tegbetegbe. Amen.


Miaɖo ŋku edzi be hafi miazu kristotɔwo la, mienye trɔ̃subɔlawo. Mietso legba ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ, eye wolé míaƒe susu hekplɔ mi trae le legba maƒonu siawo gbɔe.


Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o, eɖanye nu siwo le dziƒo alo anyigba dzi afii loo, alo tɔ me la ƒe nɔnɔme o.


Tsã la, miegblẽ ɣeyiɣi geɖe le nu siwo trɔ̃subɔlawo wɔna la me, esiwo nye ahiãwɔwɔ, nudzodzro vɔ̃wo, ahatsunono, nuɖuɖu vivivo, aglotutu vɔ̃wo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ.


Amegbetɔƒomea si susɔ, ame siwo dɔvɔ̃ siawo mewu o la gbe tɔtrɔ le woƒe asiwo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Wogbe be yewomaɖe asi le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ, sika, klosalo, akɔbli, kpe kple ati legba siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu loo alo zɔna o la subɔsubɔ ŋuti o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa