2 Mawu do Nyanyui sia ŋugbe xoxoxo to eƒe nyagblɔɖilawo dzi le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me,
2 si wòdo ŋugbe ɖi to eƒe nyagblɔɖilawo dzi le ŋɔŋlɔ kɔkɔewo me
Esiawo katã va eme be, woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Nyagblɔɖila dzi la nu be,
(abe ale si wògblɔe to eƒe Nyagblɔɖila kɔkɔewo dzi le blema ene),
Nyagblɔɖilawo katã hã ŋlɔ nu tso Yesu ŋu gblɔ be ame sia ame si axɔ edzi ase la, woatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee to eƒe ŋkɔ la me.”
Nyanyui sia gblɔm míele na mi; ŋugbe si Mawu do na mía fofowo,
Ke nu bubu sãa tae wotsɔ nya ɖe ŋunye fifia, eyae nye be mele mɔ kpɔm be Mawu awɔ eƒe ŋugbe si wòdo na mía tɔgbuitɔgbuiwo la dzi.
Ke azɔ la, abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe do ŋgɔ, eye abe ale si Mawu mavɔtɔ la de se ene la, wole gbeƒã ɖem na dukɔwo katã be woaxɔe ase, eye woaɖo to eya amea.
Viɖe geɖe le Yudatɔnyenye me. Gbã la, Mawu tsɔ eƒe nyawo de asi na wo.
Ke azɔ la, woɖe dzɔdzɔenyenye tso Mawu gbɔ fia mí se la manɔmee. Se la kple Nyagblɔɖilawo ɖi ɖase tso eŋuti.
xɔse kple sidzedze si ku ɖe mɔkpɔkpɔ na agbe mavɔ la ŋu, nu si ŋugbe Mawu, ame si medaa alakpa o la do, hafi ɣeyiɣi mavɔwo dze egɔme,