Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 1:17 - Agbenya La

17 Nyanyui sia ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia, dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be, “Ame dzɔdzɔe anɔ agbe to xɔse me.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Elabena woɖea Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go le eya me tso xɔse me yina xɔse me, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me.“

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 1:17
15 Mawu Ofanana  

Ezɔna ɖe nye ɖoɖowo nu, eye wòwɔa nye seawo dzi nyateƒetɔe. Ame ma nye ame dzɔdzɔe, eye wòanɔ agbe godoo.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


“Nye kɔ nàkpɔ dadala la ɖa; nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke mele eya amea me o; ke ame dzɔdzɔe anɔ agbe to eƒe xɔse me.


Ale Mose wɔ akɔblida la, eye wòkɔe tɔ ɖe ati si wotu la nu. Ne da ɖu ame aɖe, eye wòwu mo dzi kpɔ akɔblida la ko la, etsia agbe.


Ame sia ame si xɔ Mawu ƒe Vi sia dzi se la akpɔ agbe mavɔ. Ke ame siwo meɖoa toe o, eye womexɔa edzi sena o la makpɔ agbe mavɔ la o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe anɔ wo dzi.”


Esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole agbagba dzem be yewoatsɔ yewo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, ekema womebɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.


Ke azɔ la, woɖe dzɔdzɔenyenye tso Mawu gbɔ fia mí se la manɔmee. Se la kple Nyagblɔɖilawo ɖi ɖase tso eŋuti.


Dzɔdzɔenyenye sia si tso Mawu gbɔ la vana to Yesu Kristo dzixɔse me na ame siwo katã xɔe se la. Vovototo aɖeke mele eme o,


Ekema ne xɔse mele wo dometɔ aɖewo si o ɖe? Ɖe xɔse si mele wo si o la ate fli ɖe Mawu ƒe anukwaretɔnyenye mea?


Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be wometi dzɔdzɔenyenye yome o hã.


Ne ŋutikɔkɔe geɖe ƒo xlã se siwo hea ku vɛ la, ekema ŋutikɔkɔe geɖe fũu ŋutɔe aƒo xlã nubabla yeye si Mawu wɔ, si kplɔa ame yia agbe mavɔ la me.


Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã.


Eme kɔ ƒãa be Mawu matso afia na ame aɖeke to se la dzi wɔwɔ me o, elabena woŋlɔ ɖi be, “Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe to xɔse me.”


eye mawɔ ɖeka kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Kristo ɖeka hɔ̃ɔ ko ŋu.


Ke nye dzɔdzɔetɔ la anɔ agbe to xɔse me. Ke ne ede megbe la, nyemakpɔ dzidzɔ le eŋuti o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa