Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 99:9 - Agbenya La

9 Mido Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe dzi, eye misubɔe le eƒe to kɔkɔe la dzi, elabena Yehowa, míaƒe Mawu la le kɔkɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Mido Yehowa, mía Mawu la, ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe to kɔkɔe la ŋgɔ, elabena Yehowa, mía Mawu la, le kɔkɔe!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 99:9
15 Mawu Ofanana  

“Mina míayi ɖe enɔƒe, mina míade ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ.


“Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.”


Wonekafu wò ŋkɔ gã, dziŋɔ la, eya amea le kɔkɔe.


Mido Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔ nu, elabena eya amea le kɔkɔe.


Ke woado Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ɖe dzi le eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye Mawu Kɔkɔe la aɖe eƒe kɔkɔenyenye afia to eƒe dzɔdzɔenyenye me.


elabena ale ame si nye gã, eye wòkɔ wu nuwo katã, ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi, “Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe, gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi.


Wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gbɔ be, “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la; anyigba blibo la katã yɔ fũu kple eƒe ŋutikɔkɔe.”


O Yehowa, mèli tso mavɔ me ke oa? Nye Mawu, nye Kɔkɔetɔ la maku o. O Yehowa, wòe tia wo be woadrɔ̃ ʋɔnu mí. O Agakpe, wòe ɖo wo be woahe to na mí.


Elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nu gãwo nam. Kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ.


“Ŋlɔ agbalẽ na Filadelfia hamea ƒe mawudɔla be, Esiawo nye ame si le kɔkɔe, nye nyateƒetɔ, eye David ƒe safui le esi la ƒe nyawo. Nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o.


Aʋala ade nɔ nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo, eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔ ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be, “ ‘Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, nye Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,’ ame si nɔ anyi va yi, eli fifia, eye wògale vava ge.”


“Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o! Bubu aɖeke megali o kpe ɖe ŋutiwò o. Eye Agakpe aɖeke meli abe míaƒe Mawu ene o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa