Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 99:7 - Agbenya La

7 Eƒo nu na wo tso lilikpo dodo me, eye wolé se kple ɖoɖo siwo wòtsɔ na wo la me ɖe asi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Enɔ alilikpo dodo me ƒo nu kpli wo, wolé eƒe sewo me ɖe asi, eye wòde ɖoɖo asi na wo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 99:7
12 Mawu Ofanana  

Eɖo viviti ɖa, eye anyigba la dzi do blukɔ elabena ɖe wometsi tsitre ɖe eƒe nyawo ŋu oa?


Yehowa gblɔ na Mose be, “Mele gbɔwò va ge le lilikpo dodo aɖe me, ale be ameawo ŋutɔ nate ŋu ase nye gbe ne mele nu ƒom na wò, ekema woaxɔ dziwò ase ɣe sia ɣi.” Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa.


Ne ege ɖe agbadɔ la me la, lilikpo dodo aɖe ɖiɖina va nɔa agbadɔ la nu le esime Mawu ƒoa nu kple Mose.


Ale Mose de asi nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la wɔwɔ me.


Ne ame aɖe doa toku sea la, eƒe gbedodoɖawo gɔ̃ hã zua ŋunyɔnu.


Yehowa ɖiɖi tso lilikpo la me, eye wòtɔ ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Eɖe gbe na wo be, “Aron kple Miriam, mido va ŋgɔ,” eye wodo va ŋgɔ.


Mose do dɔmedzoe vevie, eye wògblɔ na Yehowa be, “Mègaxɔ woƒe vɔsawo o! Nyemefi woƒe tedzi gɔ̃ hã kpɔ o, eye nyemewɔ nuvevi aɖeke wo dometɔ aɖeke kpɔ hã o.”


Ewɔ wò ɖoɖowo dzi, ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo, eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo, fofowo kple dadawo gɔ̃ hã.


“Kpɔ ɖa, mefia se kple ɖoɖo siwo Yehowa, nye Mawu de nam la mi ale be mialé wo me ɖe asi le anyigba si dzi mieyina be yewoaxɔ la dzi.


Ewɔ nuteƒe na Mawu, ame si tiae abe ale si Mose hã wɔ nuteƒe le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒe me la ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa