Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 99:4 - Agbenya La

4 Fia la nye ŋusẽtɔ, elɔ̃a afia nyui tsotso, wò la, èɖo dzɔdzɔenyenye anyi, eye nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yakob me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eli ŋusẽ anyi na fia, si lɔ̃a nu dzɔdzɔe la, eye nedo nusi dzɔ la te; ena ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye dzi le Yakob.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 99:4
17 Mawu Ofanana  

Ame aɖeke matu Ŋusẽkatãtɔ la o elabena togbɔ be eƒe ŋusẽ de dzi bobobo, le eƒe afiatsotso kple dzɔdzɔenyenye gã la me hã la, metea ame aɖeke ɖe anyi o.


Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ; ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume.


Wonedzi ha le Yehowa ŋkume, elabena eva ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la. Adrɔ̃ ʋɔnu anyigba la le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.


Maʋuʋu alo dzi naɖe le eƒo o va se ɖe esime wòɖo dzɔdzɔenyenye ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe anyi ɖe anyigba dzi, eye ƒukpowo ada woƒe mɔkpɔkpɔwo ɖe eƒe se la dzi.”


Elabena abe ale si nuku mienae ene kple agble si dzi woƒã nu ɖo nana nuku la tsinae ene la, nenemae Aƒetɔ Yehowa ana be dzɔdzɔenyenye kple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋkume.


Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔ eƒe fiaɖuƒe ŋu o. Aɖu fia le fofoa David ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me, ne woafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso ɣe ma ɣi yi ɖe mavɔ me. Nu sia ava eme, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe didi vevie awɔe ade goe.


Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esime mana atilɔ dzɔdzɔe, aɖe nadze atso David ƒe ƒome me, anye fia si aɖu fia le nunya me eye wòawɔ nu si le eteƒe kple nu si le dzɔdzɔe le anyigba dzi.


Ewɔa nu dzɔdzɔe na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Elɔ̃a amedzrowo, eye wònaa nuɖuɖu kple nutata wo.


ne wòadrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame, ne wòabu fɔ mawumavɔ̃lawo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi hekpe ɖe nya vlo siwo katã nu vɔ̃ wɔla siawo gblɔ ɖe eya amea ŋuti la ta.”


Mekpɔ dziƒo nu le ʋuʋu ɖi, eye ame aɖe si le sɔ ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume. Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me.


Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awu ʋlaya kple eƒe ata ŋu be, Fiawo ƒe Fia kple Aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa