Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 97:3 - Agbenya La

3 Dzo le bibim le eŋgɔ, eye wòle eƒe futɔwo fiam le akpa sia akpa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Dzo le yiyim le eŋgɔ, eye wòfiã eƒe futɔwo godoo va kpe.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 97:3
19 Mawu Ofanana  

Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime; dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo.


Ema dziŋgɔli ɖe eve, wòto eme ɖi va anyi, eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te.


Míaƒe Mawu la gbɔna, ahom le tutum le eŋgɔ, dzo le nu bim le eŋgɔ, eye mazi ɖoɖoe o.


Melé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye mekpɔ ahomya gbɔna tso anyiehe kple lilikpo gã aɖe si le dzo kem, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe. Dzo la titina ɖi ga si le keklẽm,


Dzotɔsisi aɖe nɔ sisim le eŋgɔ. Ame akpe akpewo nɔ esubɔm, ame akpe ewo teƒe akpe ewo nɔ tsitre ɖe eŋgɔ. Ʋɔnu la ɖi anyi eye woke agbalẽawo.


Dɔ vɔ̃ le zɔzɔm le eŋgɔ eye dɔxɔleameŋu le eyome.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Kpɔ ɖa! Minɔ ŋudzɔ, ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la gbɔna, ele bibim abe kpodzo ene. Dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo abi abe be ene eye abe ati ene la, woabi kple woƒe alɔwo kple kewo siaa.


Elabena nye dɔmedzoe do dzo aɖe si bina dea anyigba ƒe tume ke. Ebia anyigba kple eƒe nukuwo katã, eye wòtɔa dzo towo.


Mietsi tsitre ɖe to la te, dzo ƒe aɖewo do tso to la me yi keke dziŋgɔli me ke, eye lilikpo yibɔwo kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã to la.


Ena miese eƒe gbe wònɔ nu fiam mi tso dziƒo. Ena miekpɔ eƒe dzo bibi gã la le anyigba dzi. Miese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina.


Eƒo nu kpli mi ŋkume kple ŋkume tso dzo bibi la titina le afi ma, le to la gbɔ.


Adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo katã medi be yewoanya Mawu o kple ame siwo katã meɖoa to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o.


elabena dzo si fiaa nu lae nye míaƒe Mawu la.


Ne ame aɖe dze agbagba be yeawɔ nu vevi wo la, dzo dona le woƒe nu me hefiaa woƒe futɔwo. Aleae ame si di be yeawɔ nu vevi wo la akue.


Ne womekpɔ ame aɖe ƒe ŋkɔ le agbegbalẽ la me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa