Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 97:2 - Agbenya La

2 Lilikpowo kple blukɔ tsiɖitsiɖi ƒo xlãe, eye dzɔdzɔenyenye kple afia nyui tsotso nye eƒe fiazikpui ƒe gɔmeɖokpe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Alilikpo kple tsizi ƒo xlãe, dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye eƒe fiazikpui ƒe anyinɔ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 97:2
18 Mawu Ofanana  

Woli wò fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi, eye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ le zɔzɔm le ŋgɔwò.


Yehowa gblɔ na Mose be, “Mele gbɔwò va ge le lilikpo dodo aɖe me, ale be ameawo ŋutɔ nate ŋu ase nye gbe ne mele nu ƒom na wò, ekema woaxɔ dziwò ase ɣe sia ɣi.” Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa.


Nu tovo wɔwɔ nye ŋunyɔnu na fiawo elabena woɖoa fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi.


Fia la nye ŋusẽtɔ, elɔ̃a afia nyui tsotso, wò la, èɖo dzɔdzɔenyenye anyi, eye nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yakob me.


Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?”


O, Mawu wɔnukɔ aɖe ŋutɔe le mía si. Eƒe nunya kple kesinɔnuwo lolo loo! Míate ŋu ase eƒe nyametsotsowo kple ɖoɖowo me akpɔ o!


Yehowa medoa dziku kaɖikaɖi o, ŋusẽ triakɔ le esi, eye magbe tohehe na agɔdzela o. Eƒe mɔwo to ahom kple ya sẽsewo me, eye lilikpowoe nye eƒe afɔ ƒe ʋuʋudedi.


Wò mɔ to atsiaƒu me, eye wò toƒe le tɔ gãwo me, gake womekpɔa wò afɔteƒe o.


Le esime ameawo le tsitre ɖe adzɔge la, Mose ge ɖe blukɔ si me Mawu nɔ la me.


Ena se siwo wòde ɖi la va eme ɖe ŋutinye eye ɖoɖo siawo tɔgbi gale esi ɖe ŋunye.


Etsɔ nu tsyɔ ɣleti si sɔ tegblẽe la ƒe ŋkume eye wòkeke eƒe lilikpowo ɖe edzi.


Woayra ame siwo srɔ̃ ale si woakafu wòe, eye wozɔna le wò mo ƒe kekeli me, O Yehowa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa