Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 96:3 - Agbenya La

3 Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Mixlẽ eƒe ŋutikɔkɔe fia le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo le anyigba dzi tɔwo katã dome!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 96:3
15 Mawu Ofanana  

Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta. Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta.


Anyigba ƒe mlɔenu katã hã aɖo ŋku edzi, atrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye anyigbadzidukɔwo ƒe ƒomeawo katã ava de ta agu ɖe eŋkume.


O! Aƒetɔ, makafu wò le dukɔwo dome, eye madzi ha na wò le dukɔwo dome,


Dzi adzɔm, eye matso aseye le mewò; O Dziƒoʋĩtɔ, madzi kafukafuhawo na wò ŋkɔ.


“Nu tsɛ ko wònye le ŋkuwò me be, nènye nye dɔla, be nàgaɖo Israel ƒe towo te, eye nàkplɔ Israel ƒe ame siwo mesusɔ ɖi la gbɔe. Gawu la, mawɔ wò nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o la, be nàhe nye ɖeɖe vɛ na anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”


Dukɔ geɖewo ava agblɔ be, “Miva. Mina míayi Yehowa ƒe to la dzi le Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me. Afia eƒe mɔwo mí ale be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.” Nufiame atso Zion ava eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava.


Axɔ tasiaɖamwo le Efraim si kple aʋawɔsɔwo le Yerusalem si, eye wòaŋe woƒe aʋawɔdatiwo. Aɖe gbeƒã ŋutifafa na dukɔwo, eƒe fiaɖuƒe akeke tso ƒuta ayi ƒuta, tso tɔsisi la nu ayi anyigba ƒe seƒewo ke.


eya ta miyi ɖawɔ amewo le dukɔ ɖe sia ɖe me woanye nye nusrɔ̃lawo; miade mawutsi ta na wo le Fofo la, Vi la kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me.


Eye ele be woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã, eye woadze egɔme tso Yerusalem.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa