11 Yehowa nya amegbetɔ ƒe susu, eye wònya be tofloko ko wònye.
11 Yehowa nya amegbetɔwo ƒe susuwo be, dzodzro wonye.
Gake le tawò la, míekpɔa ku ŋkeke blibo la, eye wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.
“Ke nye la, le woƒe nuwɔnawo kple tameɖoɖo ta la, esusɔ vie mava ƒo dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo katã nu ƒu be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe.
elabena Mawu ŋutɔ gblɔ be, “Magblẽ nunyalawo ƒe nunya me; eye maɖe gɔmeselawo ƒe nugɔmesese ɖa.”
Esi xexea me metsɔ eya ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, edze Mawu ŋu be yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ ame siwo axɔ ase la.
Elabena Mawu ƒe bometsinya xɔ asi wu amewo ƒe nunya eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sesẽ wu amewo ƒe ŋusẽ.
Wogagblɔe na mí le Psalmowo ƒe agbalẽ hã me be, “Aƒetɔ la nya be nunyalawo ƒe susuwo katã le wodzoe abe ɖetifu ko ene.”