Bometsila gblɔna le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame tovowo, eye woƒe nuwɔnawo nye ŋunyɔnu; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele wo dome si wɔa nu nyui o.
Mèganɔ abe sɔ alo tedzisɔ siwo nunya mele tagbɔ na o la ene o, elabena ele be woade ka kple numega nu me na wo hafi amla wo, ne menye nenema o la, womate ŋu ate ɖe ŋuwò o.
Amegbetɔwo katã nye movitɔwo eye nunya mele tagbɔ na wo o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ. Eƒe legbawo nye beble elabena agbe mele wo me o.
wò ɖoɖowo lolo eye wò nuwɔwɔwo tri akɔ. Wò ŋkuwo le te ɖe amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu eye nèwɔa nu sia nu si ame sia ame dze na la nɛ ɖe eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nuwɔnawo nu.
Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase hã o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme.