Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 92:1 - Agbenya La

1 Enyo be woakafu Yehowa, eye woadzi ha na wò ŋkɔ, o Dziƒoʋĩtɔ,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dzudzɔgbehadzidzi la.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 92:1
22 Mawu Ofanana  

Mida akpe na Yehowa, elabena enyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta,


Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.


Mikafu Yehowa, elabena Yehowa nyo; midzi ha na eƒe ŋkɔ, elabena esia vivina.


Mikafu Yehowa. Aleke mehenyoe be woadzi kafukafuha na míaƒe Mawu la o! Aleke wòhevivina, eye wòdze be woakafui!


Midzi ha kple dzidzɔ na Yehowa, mi ame dzɔdzɔewo; edze mi ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la be woakafui.


Ame si na akpedavɔsa la, de bubu ŋunye, eye wòta mɔ be mafia Mawu ƒe ɖeɖee.”


Makafu wò tegbee le nu si nèwɔ la ta; matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ade wò ŋkɔ me, elabena wò ŋkɔ nyo. Makafu wò le wò ame kɔkɔewo ŋkume.


Masa lɔlɔ̃nuvɔsa na wò, O! Yehowa, makafu wò ŋkɔ, elabena enyo.


Ke nye ya la, enyo be mate ɖe Mawu ŋu. Aƒetɔ Yehowae mewɔ nye sitsoƒee, maxlẽ wò nuwɔwɔwo katã afia.


“Megblɔ be, ‘Mawuwoe mienye; mi katã mienye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viŋutsuwo’,


Ke wò, o Yehowa, woado wò ɖe dzi tegbetegbe.


elabena ale ame si nye gã, eye wòkɔ wu nuwo katã, ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi, “Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe, gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi.


“O fia, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la na fianyenye, gãnyenye, ŋutikɔkɔe kple dzedzeme fofowò, Nebukadnezar.


Mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo ƒo nu na mia nɔewo. Midzi kafukafuhawo na Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me.


Eya ta mina míatsɔ kafukafuvɔsa na Mawu ɣe sia ɣi to Yesu dzi, kafukafu siwo nye kutsetse tso nuyi siwo ʋua Yesu ƒe ŋkɔ me la me.


Ekema dzudzɔ si woyɔna be Dzudzɔgbe dzudzɔ la li godoo na Mawu ƒe amewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa