7 Yehowa aɖu fia tegbetegbe; eɖo eƒe fiazikpui anyi hena ʋɔnudɔdrɔ̃.
7 Wotsrɔ̃ futɔwo, wogbã woƒe duwo wozu aƒedo ɖikaa, eye ŋkuɖoɖo wo dzi megali o.
O! Yehowa, wò la èle fia ɖum tegbetegbe, eye wò ŋkɔxɔxɔ li tso dzidzime yi dzidzime.
Yehowa ɖo eƒe fiazikpui anyi ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe le wo katã dzi ɖum.
Woli wò fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi, eye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ le zɔzɔm le ŋgɔwò.
Hafi towo nava dzɔ, alo hafi nàwɔ anyigba kple xexea me, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò koe nye Mawu.
Yesu Kristo metrɔna gbeɖe o, ale si wònɔ etsɔ si va yi, nenema kee wòle egbe, eye nenema kee wòanɔ ɖaa.
Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye nenema ke ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene.
Tete mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple ame si nɔ anyi ɖe edzi la. Anyigba kple dziŋgɔli si le eŋkume, eye teƒe aɖeke meli na wo o.