Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 9:2 - Agbenya La

2 Dzi adzɔm, eye matso aseye le mewò; O Dziƒoʋĩtɔ, madzi kafukafuhawo na wò ŋkɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Makafu Yehowa tso dzi blibo me, eye maxlẽ wò nukunuwɔwɔwo katã afia.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 9:2
18 Mawu Ofanana  

O! Yehowa, makafu wò kple nye dzi blibo; madzi wò kafukafuha le mawuwo ŋkume.


hele wò kafukafuha dzim kple ɣli le nukudɔ siwo katã nèwɔ la xlẽm fia.


Ekema nye ta akɔ dzi agbɔ nye futɔ siwo ƒo xlãm godoo la ta; matsɔ dzidzɔɣli asa vɔ nɛ le eƒe agbadɔ kɔkɔe la me. Madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa.


Yehowae nye nye ŋusẽ kple akpoxɔnu; nye dzi ka ɖe eya amea dzi, eye wòɖem. Nye dzi ti kpo le dzidzɔkpɔkpɔ ta, eye mada akpe nɛ to hadzidzi me.


Ekema mayi ɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui ŋgɔ, Mawu si nye nye aseyetsotso kple nye dzidzɔ. O! Mawu, nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku.


Ke na ame siwo si wò tso la nakpɔ dzidzɔ, eye na be woadzi ha kple dzidzɔ tegbee. Keke wò ametakpɔkpɔ ɖe wo dzi, ale be ame siwo lɔ̃ wò ŋkɔ la natso aseye le mewò.


Mada akpe na Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ta, eye madzi kafukafuha na Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋkɔ.


Na woanya be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ la ɖe anyigba blibo la dzi.


Makafu wò, O Aƒetɔ, nye Mawu, kple nye dzi blibo. Mado wò ŋkɔ ɖe dzi tegbee,


Enyo be woakafu Yehowa, eye woadzi ha na wò ŋkɔ, o Dziƒoʋĩtɔ,


O! Yehowa, èna mekpɔ dzidzɔ le wò nuwɔnawo ta. Medzi ha tso aseye le wò asinudɔwo ta.


Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome.


Mi ame dzɔdzɔewo, mitso aseye le Yehowa me, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.


O! Yehowa, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba la katã dzi, eye wodo wò ɖe dzi gbɔ mawuwo katã ta sãsãsã.


“O fia, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la na fianyenye, gãnyenye, ŋutikɔkɔe kple dzedzeme fofowò, Nebukadnezar.


Mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me ɣe sia ɣi. Megale egblɔm ake be, “Dzi nedzɔ mi!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa