18 Ke womaŋlɔ hiãtɔ be ɖikaa alo ame si le fu kpem la, mɔkpɔkpɔ nabu ɖee o.
18 Ame vɔ̃ɖiwo kple dukɔ, siwo katã ŋlɔ Mawu be la, negbugbɔ yi tsiẽƒe.
Aɖo hiãtɔwo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kokoƒoƒo o.
be wòase gamenɔlawo ƒe ŋeŋe, eye wòaɖe ga ame siwo wotso kufia na.”
elabena etsi tsitre ɖe hiãtɔ la ƒe nuɖusime, be yeaɖe eƒe agbe tso ame siwo bu fɔ̃e la ƒe asi me.
Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to, eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ. Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.”
O! Mawu, negbe ɖe nàtsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hafi! Mite ɖa le gbɔnye, mi hlɔ̃dolawo!
“Bu esia ŋuti, wò ame si ŋlɔ Mawu be, ne menye nenema o la, mavuvu wò kakɛkakɛ, eye ame aɖeke maxɔ wò le asinye o.
Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, wòe nye nye mɔkpɔkpɔ kple nye dzideƒo tso nye ɖekakpuime ke, O! Aƒetɔ Yehowa.
Aʋli ame siwo ƒe dzi gbã la ta, axɔ na hiãtɔwo ƒe viwo, eye wòagbã ameteɖetola la nyanyanya.
Elabena eya, ame si biaa hlɔ̃ hlɔ̃dolawo la, ɖoa ŋku edzi, medoa toku hiãtɔwo ƒe ɣlidodo o.
Vavã, mɔkpɔkpɔ le asiwò hena etsɔ si gbɔna eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.
Nyae hã be, nunya avivi wò luʋɔ nu; ne èke ɖe eŋu la, mɔkpɔkpɔ li na wò hena etsɔ si gbɔna eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.
Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo, ke edo mɔ kesinɔtɔwo asigbɔloe.
Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ hegblɔ na wo be, “Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo nye ame dahewo la lalalm, elabena miawo tɔe nye mawufiaɖuƒe la.
Nɔvinye lɔlɔ̃awo, miɖo tom: Ɖe Mawu metia ame siwo xexemetɔwo buna be wonye ame dahewo la be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me, eye be woanyi fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe dome o mahã?