Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 9:16 - Agbenya La

16 Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me; ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me. Ŋugbledede. Sela

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Dukɔwo ge dze ɖo, si woawo ŋutɔ woɖe la me, eye ɖɔ, si woɖo di la, ɖe woƒe afɔ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 9:16
26 Mawu Ofanana  

Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.”


Mɔ léa afɔkpodzi nɛ eye mɔ̃ka blanɛ sesĩe.


Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo tɔ gome.


Na fukpekpe si ame siwo ɖe to ɖem ƒe nuyiwo he vɛ la, nanye tsyɔ woƒe ta dzi.


Na be nye numenyawo kple nye dzi ƒe ŋugbledede nadze ŋuwò, O! Yehowa, nye Agakpe kple nye Xɔnametɔ.


Zion to kpɔ dzidzɔ, eye Yuda ƒe kɔƒewo le aseye tsom le wò afiatsotso ta.


O! Yehowa, ɖo to nye nyawo, eye nàse nye hũɖeɖe.


Dzɔgbevɔ̃e si wòhe vɛ la atrɔ abali ɖe eya ŋutɔ ŋuti, eye eƒe ŋutasesẽ atrɔ ava eya ŋutɔ ƒe ta dzi.


ɖe ka ewo gakasaŋku kple kasaŋku ƒe gbe vivi nu.


Esi Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ gbɔna la, Israelviwo kpɔ wo ɖaa le adzɔge ke, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wodo ɣli na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu.


Esime Israelviwo kpɔ nukunu triakɔ si Yehowa wɔ na wo ɖe Egiptetɔwo ŋu la, wovɔ̃, wode bubu Yehowa ŋu, eye woxɔ eya kple eƒe dɔla Mose dzi se.


Magana Farao nagasẽ dzi me, eye wòati mia yome. Mewɔ ɖoɖo sia ale be makpɔ bubu kple ŋutikɔkɔe gã ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ dzi. Ale Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa.” Ale woƒu asaɖa anyi ɖe afi si Mose fia wo la.


Ekema Egiptetɔwo adze sii be le nyateƒe me la, nyee nye Yehowa, ne meɖe nye ŋusẽ fia Egiptetɔwo, eye mekplɔ Israelviwo dzoe le wo dome.”


Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vlo ƒoƒo zua mɔ ɖenɛ, ke ame dzɔdzɔe dona le fu me.


ne ŋugbe si nèdo zu mɔ me nèɖo eye wò numenyawo bla wò la,


Eya ta Yehowa ƒe nya na woe nye be se ɖe se dzi, se ɖe se dzi. Ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ale be woayi, eye woagbugbɔ ɖe megbe, adze anyi. Mixɔ abi, kamɔ neɖe mi, eye wonelé mi,


Ame geɖewo aklii, adze anyi, eye woaŋe keŋkeŋ. Woatre mɔ alé wo.


Tete Fia Darius ŋlɔ agbalẽ na eƒe amewo katã, dukɔwo kple ame siwo tso gbegbɔgblɔwo katã me le anyigba la dzi la be, “Eme nenyo na mi ŋutɔŋutɔ!”


Fia Adoni Bezek gblɔ be, “Mewɔ fia blaadre ƒe asiwo kple afɔwo nenema tututu eye mena wofɔa nu wuwlui siwo ge tso nye kplɔ̃ dzi la ɖuna. Azɔ la, Mawu ɖo nye nu vɔ̃ teƒe nam.” Wokplɔe yi Yerusalem eye wòku le afi ma.


Egbe la, Yehowa atsɔ wò ade asi nam, maƒo wò aƒu anyi, atso ta le nuwò. Egbe la, matsɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo ƒe kukua ana dziƒoxeviwo kple anyigbadzilãwo, ekema xexea me katã anyae be Mawu aɖe le Israel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa