Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 9:13 - Agbenya La

13 O Yehowa, kpɔ ale si nye futɔwo le yonyeme tim ɖa! Kpɔ nye nublanui, eye nàkɔm tso ku ƒe agbowo me,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Elabena ebia hlɔ̃ hlɔ̃dolawo, eɖoa ŋku wo dzi, eye meŋlɔa hiãlɔwo ƒe ɣlidodo be o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 9:13
24 Mawu Ofanana  

Yehowa gblɔ nɛ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu do ɣli tso anyigba dzi va ɖo gbɔnye na hlɔ̃biabia.


Emegbe la, Yehowa bia Kain be, “Afi ka nɔviwò, Abel le?” Kain ɖo eŋu be, “Nyemenya o. Nɔvinyeŋudzɔlae menyea?”


Gblɔ nye nya siawo nɛ be, ‘Nabɔt wuwu mesɔ gbɔ na wò oa? Ɖe wòle be nàda adzoe hã? Esi nèwɔ esia ta la, avuwo ano wò ʋu le dua godo abe ale si wono Nabɔt tɔ ene!’ ”


‘Etsɔ si va yi la mekpɔ Nabɔt ƒe ʋu kple viawo ƒe ʋu. Yehowae gblɔe eye makpɔ egbɔ be, exɔ tohehe ɖe nu sia ta le anyigba sia dzi. Yehowae gblɔe.’ Eya ta azɔ la kɔe ƒu gbe ɖe anyigba ma dzi le Yehowa ƒe nya la nu.”


Fia Yoas meɖo ŋku dɔmenyo Zaxarya fofo, Yehoiada, wɔ nɛ la dzi o eye wòwu Via ŋutsu, Zaxarya, ame si gblɔ esi wòmlɔ anyi nɔ kukum be, “Yehowa, kpɔ nu si wowɔ la ɖa eye nàɖo eteƒe na wo.”


“Eya ta, azɔ la, Oo, Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, wò ame si wɔa wò lɔlɔ̃ kple amenuveve ƒe ŋugbedodo dzi la, mègana fukpekpe siwo katã va mía dzi la, naɖi nu tsɛ aɖeke le wò ŋkume o. Fukpekpe geɖewo va míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo, fiaviwo, nyagblɔɖilawo kple tɔgbuiwo dzi ɣeyiɣi si Asiria fia ɖu mía dzi zi gbãtɔ va se ɖe egbe.


Tso, Yehowa! O! Mawu, kɔ wò abɔ dzi. Mègaŋlɔ hiãtɔ be o.


Wonyɔ ŋu nuɖuɖu ɖe sia ɖe, eye woɖo ku ƒe agbowo nu.


Trɔ ɖe ŋunye, eye nàkpɔ nye nublanui abe ale si nèwɔnɛ ɖaa na ame siwo lɔ̃a wò ŋkɔ la ene.


Kpɔ nye hiãtuame ɖa, eye nàɖem, elabena nyemeŋlɔ wò se la be o.


Kpɔtsɔtsɔ mele Yehowa ƒe nyawo ŋuti o, wole abe klosalo si wololo le anyikpo me, eye wòdza zi gbɔ zi adre la ene.


Kpɔm ɖa, eye nàɖo nya ŋu nam, O! Yehowa, nye Mawu. Na kekeli naklẽ ɖe nye ŋkuwo dzi, ne menye nenema o la, madɔ alɔ̃ ayi ku me.


Ɖo to nye ɣlidodo, elabena meɖo xaxa me ŋutɔ. Ɖem tso ame siwo le yonyeme tim la ƒe asi me, elabena wosesẽ nam akpa.


Kpɔ ale si nye futɔwo dzi ɖe edzii ɖa, eye nàkpɔ ale si wolé fum ɖikaɖikae ɖa!


O! Yehowa, wòe ɖem tso tsiẽƒe, eye mèna meyi aʋlime o.


Ame geɖewoe nye nye futɔ gãwo, eye ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la sɔ gbɔ ŋutɔ.


O! Mawu, kpɔ nye nublanui le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta. Le wò dɔmenyo sɔgbɔ la nu, tutu nye dzidadawo ɖa.


Elabena èɖem tso ku me, eye nèna be nye afɔwo hã magaɖiɖi o, ne mate ŋu azɔ le Mawu ŋkume le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.


elabena wò lɔlɔ̃ nam lolo ŋutɔ, eye nèɖem tso keke tsiẽƒe ʋĩi ke.


Megblɔ be, “Le nye agbe ƒe kekeli me, ɖe mato ku ƒe agbowo me, eye woaxɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo le asinyea?”


Eƒe amewo katã le tsatsam le abolo dim kple ŋeŋe, wotsɔa woƒe kesinɔnu veviwo ɖɔa li nuɖuɖu be woanɔ agbe. “O, Yehowa, kpɔ ale si wodo vlom la ɖa.”


“Eƒe ɖiƒoƒo lé ɖe eƒe avɔto, elabena mebu etsɔ me kpɔ o. Eƒe anyidzedze wɔ nuku eye ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. “O, Yehowa, nye kɔ, kpɔ nye vevesese ɖa elabena ketɔ la ɖu dzi.”


Azɔ tsizɔ ade nɔ teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa