Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 9:10 - Agbenya La

10 Ame siwo nya wò ŋkɔ la aɖo dzi ɖe ŋuwò, elabena wò Yehowa, megble ame siwo dia wò la ɖi kpɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Yehowa enye mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 9:10
24 Mawu Ofanana  

Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso, nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ. Nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye ɖela èɖem le nye futɔwo katã ƒe asi me.


“Eye wò, vinye Solomo, dze si fofowòwo ƒe Mawu la eye nàsubɔe kple dzi faa kple wò susu blibo elabena Yehowa kpɔa dzi ɖe sia ɖe me eye wònyaa ame sia ame ƒe susu. Ne èdi Yehowa la, àkpɔe, ke ne ègbugbɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbetegbe.


Elabena Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔlawo, eye magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o. Akpɔ wo ta tegbee, ke ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzimeviwo ya woatsrɔ̃ wo.


Ame dzɔdzɔewo ƒe xɔxɔ atso Yehowa gbɔ, eye eyae nye woƒe mɔ sesẽ le xaxaɣeyiɣiwo me.


Ke na ame siwo si wò tso la nakpɔ dzidzɔ, eye na be woadzi ha kple dzidzɔ tegbee. Keke wò ametakpɔkpɔ ɖe wo dzi, ale be ame siwo lɔ̃ wò ŋkɔ la natso aseye le mewò.


Kpɔ nye nublanui, O! Mawu, kpɔ nye nublanui, elabena wò mee nye luʋɔ kpɔ sitsoƒe le. Wò aʋala ƒe vɔvɔli te mabe ɖo va se ɖe esime gbegblẽ la nu nava yi.


Yehowa be, “Maɖee, elabena elɔ̃m, madzɔ eŋu, elabena enya nye ŋkɔ.


Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.


elabena Yehowa, wòe nye sitsoƒe na ame dahewo, xɔnametɔ na hiãtɔwo le xaxa me, bebeƒe le ahom me kple vɔvɔli le ŋdɔkutsu helĩhelĩ nu. Ŋutasẽlawo lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo abe yatsi si le ƒoƒom ɖe gli ŋu la ene,


Nyemeƒo nu le ɣaɣlaƒe le anyigba aɖe si do blukɔ la dzi o. Nyemegblɔ na Yakob ƒe dzidzimeviwo be, ‘Midim dzodzro’ o. Nye Yehowa, nyateƒe ko megblɔna, eye nu si le eteƒe la ko meɖea gbeƒãe.


Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko.


Yehowa nyo, elabena enye sitsoƒe le xaxa me! Eléa be na ame si xɔa edzi sena.


Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be wòanya wò Mawu vavã ɖeka hɔ̃ɔ la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexea me hã dzi ase.


Mawu ame si gblɔ be, “Kekeli neklẽ ɖe viviti me la,” kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me.


Eya tae mele fu kpem le afi sia le gaxɔ me ɖo. Nu sia menye ŋukpe nam kura o, elabena menya ame si ŋu meɖo ŋu ɖo, eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu siwo katã metsɔ de asi nɛ la ŋu dedie va se ɖe gbe si gbe wòagava.


Ne míewɔ ɖe eƒe sewo dzi la, ekema kakaɖedzi le mía si be míenyae vavã.


Míenyae hã be Mawu Vi la va, eye wòna nugɔmesese mí, ale be míanye eya ame si nye nyateƒea. Míele nyateƒea si nye Via Yesu Kristo la me. Eyae nye nyateƒe Mawu kple agbe mavɔ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa