Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 86:2 - Agbenya La

2 Kpɔ nye agbe ta, elabena metsɔ ɖokuinye na wò. Wòe nye nye Mawu, eya ta ɖe wò dɔla si ɖo dzi ɖe ŋuwò.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Kpɔ nye luʋɔ ta, elabena ame kɔkɔe menye; nye Mawu, xɔ na wò dɔla, si ɖoa dzi ɖe ŋuwò la!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 86:2
23 Mawu Ofanana  

Ɖem, elabena tɔwò menye, elabena medi wò ɖoɖowo ƒe mɔ.


Ke nye ya meɖo dzi ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu, nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti.


Le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta, mia nu na nye futɔwo; tsrɔ̃ nye ketɔwo katã, elabena wò dɔlae menye.


O! Mawu, na manɔ dedie, elabena wò mee mebe ɖo.


Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadzaa; eɖem, elabena nye nu nyo eŋu.


O! Nye Mawu, ŋuwòe meɖo dzi ɖo. Mègana ŋu nakpem, alo nàɖe mɔ nye futɔwo naɖu dzinye o.


O! Yehowa, mewòe mebe ɖo; mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o; ɖem le wò dzɔdzɔenyenye la ta.


Ke wò, Yehowa, dzie meka ɖo; megblɔ be, “Wòe nye nye Mawu.”


Elabena Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔlawo, eye magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o. Akpɔ wo ta tegbee, ke ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzimeviwo ya woatsrɔ̃ wo.


Minyae be Yehowa tia mawuvɔ̃lawo na eɖokui, eya ta Yehowa asee, ne meyɔe.


“Miƒo nye ame kɔkɔewo nu ƒu nam, ame siwo bla nu kplim kple akpedavɔsa.”


“Ame si subɔam la, ele be wòadze yonyeme, be afi si mele la, nye subɔla hã nanɔ afi ma. Fofonye ade bubu ame si subɔam la ŋu.


Azɔ mele dzodzo ge le xexea me ava gbɔwò, gake wogale xexea me. Fofo kɔkɔe, kpɔ wo ta to wò ŋusẽ kple ŋkɔ me, ŋkɔ si nènam be woawɔ ɖeka abe ale si nye kpli wò miewɔ ɖekae ene.


Eya ta Mawu kpɔa nublanui na ame siwo wòlɔ̃na be yeakpɔ nublanui na la, eye wòsẽa dzi me na ame siwo wòlɔ̃na be yeasẽ dzi me na la.


Adzɔ eƒe ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋu, ke ɖoɖoe azi le ame vɔ̃ɖiwo nu le viviti me. “Menye kalẽ me ame tona ɖua dzi o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa