Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 85:9 - Agbenya La

9 Vavã eƒe ɖeɖe tsɔ ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la gbɔ, ale be eƒe ŋutikɔkɔe nanɔ míaƒe anyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Mase nusi gblɔ ge Mawu Yehowa ala; elabena agblɔŋutifafa na eƒe dukɔ kple eƒe mawumemewo, eye malɔ̃ be, woagatrɔ ɖe bometsitsi ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 85:9
22 Mawu Ofanana  

Ɖeɖe le adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo, elabena womedia wò sededewo ƒe mɔ o.


Ame si na akpedavɔsa la, de bubu ŋunye, eye wòta mɔ be mafia Mawu ƒe ɖeɖee.”


Ekema Yehowa ana lilikpo nado ɖe Zion to blibo la kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma kple dzudzɔ la dzi le ŋkeke me, eye le zã me la, anye dzo bibi, eye ŋutikɔkɔe anye agbadɔ.


Metsɔ nye dzɔdzɔenyenye gbɔnae be wòate ɖe mia ŋu. Manɔ adzɔge tso mia gbɔ o, eye nye ɖeɖe mahe ɖe megbe o. Mana ɖeɖe nado na Zion, eye nye atsyɔ̃ anɔ Israel ŋu.”


Esiae nye nu si mia dometɔ ɖe sia ɖe nɔ gbɔgblɔm na ehavi alo eƒe ƒometɔ: ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya ka Yehowa gblɔ?’


Esia nye nya si mienɔ gbɔgblɔm ɖaa na nyagblɔɖila, ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya kae Yehowa gblɔ?’


Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ vɔ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe hã nake na mi.


ekema mana nàyi to kple ame siwo yi aʋlime, àyi gbe aɖe gbe tɔwo gbɔ. Mana nànɔ anyigba te, le aƒedo xoxowo me kple ame siwo yi aʋlime, màgatrɔ agbɔ alo axɔ wò teƒe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.


Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖo to nyuie, eye nàlé nya siwo katã megblɔ na wò la me ɖe dzi me.


Manɔ nye gbetakpɔƒe tame, eye matsi tsitre ɖe nye xɔta; mada ŋku ɖi akpɔ nu si wòagblɔ atsɔ aɖo nye biabia ŋui.


Nye ŋutɔ manye dzo bibi ƒe gli aƒo xlã wo, eye manye eƒe ŋutikɔkɔe.” Yehowae gblɔe.


Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Esi wòde bubu ŋutinye, eye wòdɔm ɖe dukɔ siwo ha mi ŋuti, elabena ame si ka asi mia ŋuti la, ka asi eƒe gadaglamakui ŋuti.


Eyae nye kekeli kple nyaɖeɖefia na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wòanye ŋutikɔkɔe na Israel wò dukɔ hã!”


Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.


Ne ame aɖe di be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo.


Paulo tsi tsitre heɖo asi wo dzi, eye wògblɔ na wo be, “Israel ŋutsuwo kple ame sia ame si le afi sia si vɔ̃a Mawu la, miɖo tom!


eya ta wògblɔ na Samuel be, “Gayi ɖamlɔ anyi; ne egayɔ wò la, nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa ƒo nu, wò dɔla le to ɖom.’ ” Samuel gayi ɖamlɔ anyi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa