Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 85:12 - Agbenya La

12 Yehowa ana nu si nyo la mí vavã, eye míaƒe anyigba atse eƒe ku.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Nyateƒe amie tso anyigba me, eye dzɔdzɔenyenye ado mo ɖa tso dziƒo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 85:12
18 Mawu Ofanana  

Ekema anyigba ana woaxa eƒe nukuwo fũu, eye Mawu, míaƒe Mawu la ayra mí.


Bli nedo agbogbo ɖe anyigba la katã dzi; eye neʋã ɖe togbɛwo katã dzi. Blitiawo netri abe Lebanontɔwo ene, eye woanɔ abe gbe le gbedzi ene.


elabena Yehowa Mawue nye ɣe kple akpoxɔnu. Yehowae naa amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o.


va se ɖe esime woakɔ Gbɔgbɔ la ɖe mia dzi tso dziƒo, gbegbewo nagazu agbledeƒewo, eye agbledeƒewo nadze abe ave ene.


“Mi dziŋgɔlĩwo, midza dzɔdzɔenyenye abe tsi ene. Lilikpowo nena wòadza. Na anyigba nake nu baa. Na ɖeɖe nado tso eme, eye na dzɔdzɔenyenye natsi kplii. Nye Yehowae wɔe.


Ne miewɔ seawo dzi la, miaƒe agblemenukuwo aʋã, eye miaɖu nu aɖi ƒo.


mana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, anyigba ana eƒe nuɖuɖu, eye gbemetiwo atse woƒe kutsetsewo.


O amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò. Nu ka Yehowa di tso asiwò? Be nàwɔ nu si le eteƒe, alɔ̃ nublanuikpɔkpɔ eye nàzɔ kple wò Mawu la le ɖokuibɔbɔ me.


“Atiku la amie, atsi, wainkawo atse nyuie, anyigba aʋã eƒe nukuwo, eye ahũ adza tso dziƒo. Matsɔ nu siawo katã ana nye ame siwo susɔ la abe woƒe domenyinu ene.


Anyigba nyui lae nye ame si ƒe dzi sea mawunya la, eye wòsea egɔme, eye eya hã ɖakplɔa ame blaetɔ̃, blaade alo alafa ɖeka bubu gɔ̃ hã vaa dziƒofiaɖuƒe la mee.”


Ke nuku aɖewo hã ge ɖe anyigba nyuitɔ dzi, eye womie, tsi hetse ku geɖewo, ɖewo tse blaetɔ̃, bubuwo tse blaade, eye ɖewo hã tse alafa.


Ame siwo xɔ Petro ƒe nyawo dzi se la, woanɔ abe akpe etɔ̃ ene, eye wode mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke, eye wotsɔ wo kpe ɖe ha la ŋu.


Hamemegãwo katã kpɔ dzidzɔ, kafu Mawu, ke wogblɔ na Paulo be, “Yudatɔ geɖewo hã zu Kristotɔwo gake woƒe ɖoɖoe nye be ele be Yudatɔ xɔsetɔ ɖe sia ɖe nagawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ.


Ke eya ŋutɔ gbɔ wòtso miele Yesu Kristo me, ame si zu nunya, dzɔdzɔenyenye, kɔkɔenyenye kple ɖeɖe si tso Mawu gbɔ la na mi.


Míetsɔ kafukafu na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe si le dziƒonutowo me la kɔ ɖe mía dzi le Kristo me.


Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa