Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 85:11 - Agbenya La

11 Nuteƒewɔwɔ mie tso anyigba me, eye dzɔdzɔenyenye do mo ɖa kpɔ anyigba tso dziƒo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Amenuveve kple nyateƒe ado go wo nɔewo; dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa agbugbɔ nu na wo nɔewo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 85:11
12 Mawu Ofanana  

Towo atsɔ kesinɔnuwo vɛ na wò dukɔ, eye togbɛwo atsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse vɛ na wo.


Gbe ma gbe la, Yehowa ƒe Atilɔ anya kpɔ, eye ŋutikɔkɔe anɔ eŋu. Anyigba ƒe kutsetse anye dada kple ŋutikɔkɔe na ame siwo susɔ ɖe Israel.


Edze Yehowa ŋu le eƒe dzɔdzɔenyenye ta be, wòade gãnyenye kple bubu eƒe se ŋu.


“Mi dziŋgɔlĩwo, midza dzɔdzɔenyenye abe tsi ene. Lilikpowo nena wòadza. Na anyigba nake nu baa. Na ɖeɖe nado tso eme, eye na dzɔdzɔenyenye natsi kplii. Nye Yehowae wɔe.


Edze abe atilɔ fɛ̃ ene le eŋkume, eye wòle abe ke si woɖe le anyigba ƒuƒu me la ene. Nyonyo alo fianyenye mele eŋu ne eƒe nu nanyo mia ŋu o. Naneke mele eƒe dzedzeme ŋu si awɔe be wòadzro mí o.


Esi wònɔ nya sia gblɔm la, lilikpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi, eye gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si dzea ŋunye. Miɖo toe.”


Le ɣeyiɣi sia me tututu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.”


“Woakafu Mawu si le dziƒo ʋĩi, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; anɔ anyi kple ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.”


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã.


Azɔ la, mitsɔ kafukafu na Mawu ɖe eƒe dɔmenyo gã sia ta. Mikafui ɖe eƒe amenuveve sɔgbɔ si wòkɔ ɖe mía dzi la ta, ɖe esi míenye Via lɔlɔ̃a tɔ ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa