6 ame siwo le Edom ƒe agbadɔwo me, Ismaelitɔwo, Moabtɔwo, Hagritɔwo,
6 Wode adaŋu nu ɖekɛ, ŋuwò wobla nu ɖo:
Le Fia Saul ƒe fiaɖuɣi la, Ruben ƒe viwo ɖu Hagritɔwo dzi eye woge ɖe woƒe agbadɔwo me le Gilead ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi.
Le esiawo megbe la, Moabtɔwo kple Amonitɔwo ho aʋa ɖe Yehosafat ŋu. Ke Meunitetɔ aɖewo kpe ɖe wo ŋu.
O! Yehowa, ɖo ŋku nu si Edomtɔwo wɔ la dzi, gbe si gbe wogbã Yerusalem. Wodo ɣli be, “Mimui ƒu anyi, migbãe, va se ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi ke!”
Anyigbadzifiawo ɖo afɔ anyi sesĩe, eye dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋu.
Woatsrɔ̃ Moab, be maganye dukɔ azɔ o, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe.
Amonitɔwo kple Amalekitɔwo kpe ɖe Moab fia la ŋu; woɖu Israelviwo dzi, eye woxɔ Yeriko, du si woyɔna be “Detiwo ƒe Du”