17 Na ŋukpe nalé wo, woƒe mo natsi dãa, eye wonetsrɔ̃ le ŋukpe me.
17 De ŋukpe mo na wo fũ, ne woadi wò ŋkɔ, Yehowa!
Nunyetsolawo ado vlododo abe awu ene, eye wòata ŋukpe abe avɔ ene.
Ame siwo katã le dzidzɔ kpɔm tso nye xaxa ŋuti la, ŋukpe nelé wo, eye woatɔtɔ; na be ame siwo kɔ wo ɖokuiwo dzi ɖe ŋutinye la nata ŋukpe kple vlododo abe avɔ ene.
Ame siwo le nye agbe yome tim la, ŋukpe kple vlododo nelé wo, eye ame siwo le nugbe ɖom ɖe nye gbegblẽ ŋu la, gbegblẽ netrɔ va woawo ŋutɔ dzi.