13 O! Nye Mawu, wɔ wo abe betsyo kple blitsa si ya lɔ ɖe nu ene.
13 wo, amesiwo gblɔ be: Miaxɔ Mawu ƒe nɔƒewo na mía ɖokui!
Ɖe nàwɔ funyafunya aŋgba si ya lɔ ɖe nua? Ɖe nàti atsa yomea?
Zi nenie wole abe gbe ƒuƒu si ya lɔ ɖe nu alo atsa si ahom lɔ ɖe nu ene?
Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi? Nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi na xɔxɔ nam, eye nète ɖa xaa tso nye hũɖeɖe gbɔ?
Wonenɔ abe bli ƒe atsa si ya lɔ ɖe nu ene, eye Yehowa ƒe dɔla nenya wo ɖe du nu;
Wòe nye nye Fia kple nye Mawu, wòe he dziɖuɖuwo vɛ na Yakob.
“Le wò fianyenye ƒe gãnyenye me, ètsɔ ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la ƒu anyi. Èɖe asi le wò dziku bibi la ŋu, eye wòfia wo abe gbe ƒuƒu ene.
Womekpɔ do wo o, womekpɔ ƒã wo o, womekpɔ to ke ɖe anyigba me o, kasia egbɔ ɖe wo dzi, woyrɔ, eye ya va kplɔ wo dzoe abe atsa ene.
“Ame kae de dzo lãme na ame si tso ɣedzeƒe, heyɔe le dzɔdzɔenyenye me be wòatsɔ dɔ nɛ? Etsɔ dukɔwo de asi nɛ, eye wòfanya fiawo le eŋkume. Etsɔ eƒe yi wɔ wo wozu kewɔ, eye wòtsɔ eƒe aŋutrɔ wɔ wo wozu abe atsa si ya ƒo ene.
Yehowa be, “Makaka mi ahlẽ abe ale si dzogbeya lɔa tsro ɖe nu ene.
“Elabena ègblɔ be, ‘Dukɔ eve kple anyigba eve siawo anye mía tɔwo, eye míaxɔ wo’ togbɔ be nye, Yehowa, menɔ afi ma hã.
Aƒetɔ Yehowa be, futɔ la gblɔ tso ŋuwò be, “Ahã! Gbe aɖe gbe ƒe towo zu mía tɔ.” ’
Elé eƒe lugbɔnu ɖe asi. Akplɔ eƒe lugbɔƒe ƒiaƒiaƒia, alɔ lu la ɖe eƒe ava me. Ke atɔ dzo tsroa kple dzo matsimatsi.”