Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 82:8 - Agbenya La

8 O! Mawu, tso, eye nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigba la elabena dukɔwo katã nye wò domenyinu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Mawu, tso, nadrɔ̃ ʋɔnu anyigba, elabena wòe nye dukɔwo katã ƒe domenyila!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 82:8
14 Mawu Ofanana  

Ke wò la àtso, akpɔ nublanui na Zion, elabena ɣeyiɣi de be nàve enu, ɛ̃, ɣeyiɣi ɖoɖi la de.


Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to, eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ. Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.”


Biam, ne matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinui kple anyigba ƒe seƒewo ke awɔ tɔwòe.


Elabena fiaɖuɖu la nye Yehowa tɔ, eye wòɖu fia ɖe dukɔwo dzi.


Tso, nàxɔ na mí, ɖe mí le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.


O! Yehowa, tso, le wò dziku me; tso ɖe nye futɔwo ƒe nyanyra ŋuti. Nyɔ, nye Mawu, ne nàɖo ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anyi.


Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu, he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi.


Tso, o xexea me ƒe Ʋɔnudrɔ̃la, ɖo nu si dadalawo wɔ la teƒe na wo.


woadzi ha le Yehowa ŋgɔ, elabena egbɔna, eye wògbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge. Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo le nyateƒe me.


Nyɔ, nyɔ! O! Yehowa ƒe alɔ, ne nàtsɔ ŋusẽ ado. Nyɔ abe le tsã ƒe ɣeyiɣiwo kple blemaŋɔliwo ene. Ɖe menye wòe fli Rahab kakɛkakɛ, eye nètsɔ nu ƒo ɖe lã dziŋɔ la oa?


Alea kee ame nyuiwo hã vɔ le anyigba la dzi. Mate ŋu akpɔ ame ɖɔʋu ɖeka hɔ̃ɔ hã o. Ame sia ame le klalo be yeakɔ ʋu ɖi eye ame sia ame ɖo ɖɔ ɖi na nɔvia.


Ke nye la, mele ŋudzɔ le mɔ kpɔm na Yehowa. Mele lalam na Mawu, nye Ɖela. Ɛ̃, nye Mawu aɖo tom hã.


eya ta mikpɔ nye asi nu,” Yehowae gblɔe, “elabena ŋkeke li gbɔna, matsi tsitre aɖi ɖase. Meɖoe be maƒo dukɔwo katã kple fiaɖuƒewo nu ƒu, eye makɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku helĩhelĩ ɖe wo dzi. Ale nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afia anyigba la katã.


Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la, eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒo nutowo me bena, “Xexea me ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa