Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 82:5 - Agbenya La

5 “Womenya naneke o, womese naneke gɔme o. Wole zɔzɔm le blukɔ me, eye anyigba ƒe agunuwo katã ʋuʋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Womedze sii o, eye womenyae o, wole zɔzɔm le viviti me, eye anyigba ƒe agunuwo katã le ʋaʋãm.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 82:5
19 Mawu Ofanana  

elabena míawo la, etsɔviwo míenye, míenya naneke o eye míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔli ko ene.


Esi wole gɔmeɖokpeawo gbãm la, nu ka dzɔdzɔetɔ la awɔ?”


Ɖe nu tovo wɔlawo, ame siwo ɖua nye amewo abe abolo ene, eye womeyɔa Yehowa o la manya esia oa?


Ɖe ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vuvu nye dukɔ abe ale si woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Mawu o la ava srɔ̃ nu gbe aɖe gbea?


Ne anyigba kple edzinɔlawo ʋuʋu kpekpekpe la, nyee léa eƒe sɔtiwo ɖe asi sesĩe. Sela


Yehowa le fia ɖum, dukɔwo nedzo nyanyanya, enɔ eƒe fiazikpui dzi gli le kerubiwo dome, anyigba neʋuʋu.


Le esi wolé fu sidzedze eye wometia Yehowavɔvɔ̃ o,


ame siwo gblea mɔ dzɔdzɔetɔwo ɖi hezɔna le mɔ doblukɔwo dzi,


Ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ le abe viviti tsiɖitsiɖi ene eye womenya nu si na wole nu klim o.


Nunyala kpɔa nu le esime bometsila zɔa viviti me. Ke mede dzesii be nu ɖeka ma ke koe dzɔna ɖe nunyala kple bometsila siaa dzi.


Hekpe ɖe esia ŋu la, mede dzesii be, le anyigba blibo la dzi la, dzɔdzɔenyenye le bubum, nu vɔ̃ wɔwɔ le dzɔdzɔenyenyeteƒe xɔm eye zãnuxɔxɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒewo gɔ̃ hã.


Israel ƒe aƒee nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe waingble, eye Yuda ŋutsuwoe nye eƒe dzidzɔ ƒe wainka siwo wòdo. Ekpɔ mɔ na afia nyui tsotso, ke ʋukɔkɔɖi wòkpɔ; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifavi koe ɖi.


eya ta nuteƒewɔwɔ le adzɔge na mi, eye dzɔdzɔenyenye metsɔ ɖe mia gbɔ o. Miekpɔ mɔ na kekeli, ke viviti sɔŋ ƒo xlã mi. Míekpɔ mɔ na xexea me ƒe kɔkɔ, ke blukɔ me boŋ ko zɔm miele.


Eye megblɔ be: “Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo. Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Miawoe wòdze be mianya nyui tso vɔ̃ gbɔ


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli la agaklẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Mizɔ le kekeli la me hafi viviti nagado ɖe mi. Ame si le viviti me zɔm la menya afi si yim wòle o.


Nu si ta wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo lae nye be Kekeli tso dziƒo va xexea me, gake ame siawo lɔ̃ viviti wu Kekeli la, elabena woƒe nuwɔnawo vɔ̃ɖi ŋutɔ.


Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la, Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o.


Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la le te, eye wode dzesii kple nya siawo be, “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo,” eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la, nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.”


Gake ne ame aɖe lé fu nɔvia la, ekema ame sia le viviti me, eye wòzɔna le viviti me, eye menya afi si wòɖo tae o, elabena viviti la tsyɔ mo nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa