Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 81:8 - Agbenya La

8 Mísee, o nye dukɔ, maxlɔ̃ nu mi. O! Israel, nenye ɖe nàɖo tom ɖe!

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eyɔm le xaxa me, eye mexɔ na wò, meɖo to wò le dziɖegbelilikpo me, eye medo wò kpɔ le dzrewɔtsi la gbɔ. Sela.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 81:8
14 Mawu Ofanana  

“See, o nye dukɔ, mele nu ƒo ge, O! Israel, maɖu ɖasefo ɖe ŋuwò, elabena nyee nye Mawu, wò Mawu la.


“Ɖe wònye nye dukɔ aɖo tom, eye Israel nazɔ nye mɔwo dzi la,


“Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.”


Mose na ŋkɔ teƒe la be Masa si gɔmee nye “Míete Yehowa kpɔ be wòawu mí.” Woyɔnɛ hã be Meriba si gɔmee nye “Nyahehe” kple “Dzrewɔwɔ,” elabena afi mae Israelviwo he nya ɖe Yehowa ŋu le, eye wotee kpɔ be wòawu yewo esi wogblɔ be, “Ɖe Yehowa le mía dzi kpɔ ge loo alo agblẽ mí ɖia?”


Le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi la, dzi de asi gbeɖeɖe kple dzokeke me ŋɔdzitɔe. Lilikpo dodo gã aɖe va dze ɖe to la dzi. Kpẽ aɖe ɖi sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe abe lãdzokpẽ ene, eye ame sia ame dzo nyanyanya kple vɔvɔ̃.


Ne mielɔ̃, eye mieɖo to la, miaɖu anyigba la ƒe nu nyuitɔwo.


Wona ŋkɔ teƒe sia be Meriba, si gɔmee nye “Dzrewɔtsi,” elabena afi siae Israelviwo tso ɖe Yehowa ŋu le eye Yehowa ɖee fia wo be yele kɔkɔe le woƒe ŋkume.


Le nyateƒe me la, míeƒoa nu tso nu siwo míenya la ŋu, eye míeɖia ɖase tso nu siwo míekpɔ la ŋu, ke miexɔa míaƒe ɖaseɖiɖi o.


Nya ɖeka ma ke ko megblɔ na Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa be ehiã be woatrɔ ɖe Mawu ŋu to Yesu Kristo dzixɔse me.


egblɔ na wo be, “Mide ŋugble le se siwo katã mede na mi egbe la ŋuti, eye miade wo asi na mia viwo.


Yi nàɖo to nya siwo katã Yehowa, míaƒe Mawu la le gbɔgblɔm, eye nàva gblɔe na mí, ekema míaɖo to, eye miawɔ ɖe wo dzi.”


Míexɔa amegbetɔwo ƒe ɖaseɖiɖiwo, ke Mawu ƒe ɖase si wòɖi le Via ŋu la de ŋgɔ sãa wu esiawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa