Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 81:12 - Agbenya La

12 eya ta meɖe asi le wo ŋu na woƒe dzi sesẽwo, ne woadze nu siwo woawo ŋutɔ ɖo la yome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o, eye Israel melɔ̃ edzi nam o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 81:12
20 Mawu Ofanana  

Tete Yehowa gblɔ be, “Mele be nye Gbɔgbɔ naganɔ amegbetɔwo me tegbee o, elabena amegbetɔwo wɔ nu vɔ̃ le goawo katã me. Woƒe agbemeŋkekewo anye ƒe alafa ɖeka kple blaeve.”


Eva eme alea elabena Israelviwo gbe toɖoɖo Yehowa, woƒe Mawu la eye womewɔ nu si wòdi be woawɔ la o, ke boŋ woda le eƒe nubabla la dzi eye wogbe se siwo katã Mose, Yehowa ƒe dɔla de na wo la dzi wɔwɔ.


Ke mía tɔgbuiwo nye dadalawo kple kɔlialiatɔwo, eye wogbe toɖoɖo wò Seawo.


Esi viwòwo wɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu la, etsɔ wo de asi na tohehe si woƒe nu vɔ̃ dze na.


Yehowa gblɔ na Mose do ŋgɔ be, “Farao maɖo to wò o. Nu sia ana mɔnukpɔkpɔm be mawɔ nukunu gãwo atsɔ aɖe nye ŋusẽ afia le Egipte.”


Yehowa be, “Baba na vi sẽto siwo dea aɖaŋu hewɔa nu siwo nyemeɖo na wo o. Woblaa nu nye Gbɔgbɔ manɔmee eye wolia kɔ nu vɔ̃ ɖe nu vɔ̃ dzi!


Ame siawo nye aglãdzelawo, vi alakpatɔwo, vi siwo mele klalo be yewoaɖo to Yehowa ƒe nufiamewo o.


Ame kae de Yakob asi be wòazu nuhaha, eye wòde Israel asi na adzodalawo? Ɖe menye Yehowa, ame si ŋu miewɔ nu vɔ̃ ɖo lae oa? Elabena wogbe eƒe mɔwo dzi toto, eye womewɔ ɖe eƒe sewo dzi o.


Megblɔe na mi egbe gake miewɔ ɖe nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be magblɔ na mi la dzi haɖe o.


Gake womeɖo to alo see nam gɔ̃ hã o, ke boŋ wowɔ nu dzeaglã siwo woƒe dzi vɔ̃ɖiwo gblɔ na wo. Wote gbugbɔɖemegbezɔzɔ, eye womezɔ yi ŋgɔ o.


“ ‘Ke wodze aglã ɖe ŋutinye, eye womeɖo tom o; womeɖe asi le aklamakpakpɛ dzodzro siwo dzi woda ŋku ɖo la ŋu o, eye womeɖe asi le woƒe Egipte legbawo hã ŋu o. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu le Egipte.


Nye Mawu agbe Israelviwo, elabena wogbe be yewomaɖo toe o. Woazu tsatsalawo, kple aƒemanɔsitɔwo le dukɔwo dome.


“Ke ne miaɖo tom alo awɔ nye seawo dzi o,


Tsã la, Mawu ɖe asi le dukɔ ɖe sia ɖe ŋu wòwɔ nu si dze eŋu.


Wɔna sia na be Mawu hã ɖe asi le wo ŋu, eye wosubɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo abe ale si woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene. “ ‘Israeltɔwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ mahã?


Eya ta, le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu la, Mawu tsɔ wo de asi na ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye be woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo kple wo nɔewo.


Ke ameawo gbe toɖoɖo Samuel. Wogblɔ nɛ be, “Ao! Míedi fia be wòaɖu mía dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa