Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 81:10 - Agbenya La

10 Nyee nye Yehowa, wò Mawu, ame si kplɔ wò do goe tso Egipte. Ke wò nu baa, eye mana wòayɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Mawu tutɔa ɖeke meganɔ asiwo o, eye megado gbe ɖa na mawu bubuwo o!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 81:10
16 Mawu Ofanana  

Elabena etsɔa nu nyuiwo ɖia ƒoe na ame siwo dɔ kple tsikɔ le wuwum.


“Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi.


“Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.


Nya siwo ƒe se mede na mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso galolõkpodzo me.’ Megblɔ be, ‘Miɖo tom, miwɔ nu siwo katã meɖo na mi, ekema mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu.


Gake Israel gbe nu le nu si nyo la gbɔ; azɔ la, eƒe futɔwo ati eyome.


Ke ne miele menye, eye nye nyawo le mia me la, nu sia nu si miabia la, woawɔe na mi.


Gbe ma gbe la, miagabia nanekem o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nu sia nu si miabia Fofo la le nye ŋkɔ me la, ana mi.


Le Agbadɔmeŋkekenyui la ƒe ŋkeke mamlɛtɔ kple gãtɔ dzi la, Yesu nɔ tsitre, eye wòdo ɣli sesĩe gblɔ na ameha la be, “Ne tsikɔ le mia dometɔ aɖe wum la, neva gbɔnye wòano tsi.


“Mègasubɔ mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋunye o.


“Eya ta mivɔ̃ Yehowa, eye miasubɔe kple dzi blibo le nyateƒe me. Miɖe asi le mawu siwo mia tɔgbuiwo subɔ esime wonɔ Frat tɔsisi la godo kple Egipte la ŋu. Misubɔ Yehowa ɖeɖe ko.


Yosua gblɔ be, “Enyo, ekema miɖe asi le mawu siwo katã le mia si fifia la ŋu, eye miaɖo to Aƒetɔ, Yehowa, Israel ƒe Mawu la.”


Eyi edzi gblɔ nam be, “Wowɔe vɔ. Nyee nye Alfa kple Omega, Gɔmedzedze kple Nuwuwu. Ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsii wòano tso agbetsivudo la me femaxee.


Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la gblɔ be, “Va!” Eye ame si le esem la hã negblɔ be, “Va!” Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva; eye ame sia ame si lɔ̃ ko la, nexɔ agbetsi la no faa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa