5 Èna aɖatsibolo wo woɖu, eye nèna aɖatsi wo wono taŋtaŋ.
5 Yehowa, Mawu Zebaot, ɣeka ɣi nado dziku ɖe wò dukɔ ƒe gbedodoɖa ŋu ase ɖo?
Megbe be nyemaɖui o, nuɖuɖu mawo tɔgbi ɖe wònana medzea dɔ.
Elabena meɖu dzowɔ abe nuɖuɖu ene, eye metsɔ aɖatsi tɔtɔ nye nunonoe,
Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli, evɔ amewo le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?”
O! Mawu, nu ka ŋuti nègble mí ɖi ɖikaa? Nu ka ta wò dɔmedzoe bi ɖe wò alẽ siwo le wò lãnyiƒe ŋuti?
O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? Ɖe nàdo dɔmedzoe tegbeea? Va se ɖe ɣe ka ɣi wò ŋuʋaʋã abi abe dzo ene?
Togbɔ be Aƒetɔ la tsɔ abolo na mi le hiã me, kple tsi na mi le xaxa me hã la, miaƒe nufialawo magabe azɔ o, ke boŋ miakpɔ wo kple miaƒe ŋkuwo.
“Ètsɔ dziku tsyɔ ɖokuiwò dzi eye nèti mía yome hewu mí nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
Ètsɔ lilikpo tsyiɔ ɖokuiwò dzi ale be, gbedodoɖa aɖeke mate ŋu aɖo gbɔwò o.