Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 80:18 - Agbenya La

18 Ekema míatrɔ le yowòme o; gbɔ agbe mí, eye míayɔ wò ŋkɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Wò asi nenɔ wò nuɖusi ƒe ame kple amegbetɔvi, si dzi nèkpɔ wòtsi la ŋu,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 80:18
16 Mawu Ofanana  

Ezra sia tso Babilonia va. Enye sefiala si bi ɖe Mose ƒe Se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu la de la me. Fia la na nu sia nu si wòbiae, elabena Yehowa, eƒe Mawu la ƒe asi nɔ eya amea dzi.


Edze mɔ tso Babilonia le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye wòva ɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, elabena eƒe Mawu la ƒe amenuvevesi nɔ edzi.


Mekpe fu geɖe, eya ta o Yehowa, kpɔ nye agbe ta, le wò nya la nu.


Ʋli tanye, eye nàɖem, kpɔ nye agbe ta le wò ŋugbedodo la nu.


O! Yehowa, wò nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ, eya ta kpɔ nye agbe ta le wò sewo nu.


Wotsɔm mlɔ anyigba le ke me, kpɔ nye agbe ta le wò nya la nu.


Ɖe nye ŋku ɖa le nu maɖinuwo ŋu, eye nàɖe nye agbe le wò nya la nu.


Mele wò sewo dim vevie ŋutɔ! Le wò dzɔdzɔenyenye ta, ɖe nye agbe.


Togbɔ be èna mekpɔ xaxa geɖe kple vevesese hã la, àgaɖo nye agbe te, eye àva kplɔm ado goe tso anyigba ƒe tume ke.


Ekema mí wò dukɔ, wò lãnyiƒe ƒe alẽwo akafu wò tegbee, eye tso dzidzime yi dzidzime míaɖe wò kafukafu afia.


Màgagbɔ agbe mí, be wò dukɔ nàkpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò oa?


Kplɔm ɖe asi, na míaɖe abla! Fia la nekplɔm yi eƒe xɔ mee. Míatso aseye, akpɔ dzidzɔ ɖe ŋutiwò, eye míakafu wò lɔlɔ̃ wu wain. Ele eteƒe be wole lɔ̃wòm alea!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa