Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 8:6 - Agbenya La

6 Èwɔe be wòanye agbo ɖe wò asinudɔwɔwɔ dzi; eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Esusɔ vie, nena wòsɔ kple Mawu kloe, eye netsɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ɖɔ nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 8:6
10 Mawu Ofanana  

Mawu gblɔ be, “Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi.”


Mawu yra wo gblɔ na wo be, “Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo.”


Vɔvɔ̃ aɖo anyigbadzilãwo katã kple dziƒoxevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe si tana kple ƒumelãwo katã ɖe mia ŋu, eye metsɔ wo de asi na mi.


Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be, “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.”


Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de asi nam,


Mawu tsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te, eye wòwɔe hame la ƒe tatɔ gãtɔe.


Ke le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me la, eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye nuwo katã ƒe domenyila la dzi, ame si dzi hã wòto wɔ xexea me.


eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.” Esi Mawu tsɔ nu sia nu de eƒe dzikpɔkpɔ te la, meɖe naneke le eme o. Gake fifi laa la, medze abe nu sia nu le eƒe dzikpɔkpɔ te ene o.


ame si yi ɖe dziƒo, ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime, eye mawudɔlawo, dziɖulawo kple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa