Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 79:3 - Agbenya La

3 Wokɔ woƒe ʋu ɖi abe tsi ene ƒo xlã Yerusalem, eye ame aɖeke meli aɖi ame kukuawo o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Wokɔ woƒe nu ɖe Yerusalem ŋu goɖoo abe tsi ene, eye amea ɖeke meli aɖi wo o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 79:3
15 Mawu Ofanana  

Woagblɔ be, “Abe ale si ame ŋlɔa nu hedzoboa anyigbae ene la, nenemae woakaka míaƒe ƒuwoe ɖe yɔdowo nu.”


Nu ka ŋuti dukɔwo agblɔ be, “Afi ka woƒe Mawu la le?” Le míawo ŋutɔ ƒe ŋkume, na dukɔwo nanya be, èbia hlɔ̃ na wò dɔla siwo ƒe ʋu wokɔ ɖi.


eye ame siwo wole nya gblɔm ɖi na la, woatsɔ wo akaka ɖe Yerusalem ƒe ablɔwo dzi le yi kple dɔwuame ta. Ame aɖeke manɔ anyi si aɖi woawo ŋutɔwo alo wo srɔ̃nyɔnuwo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo o. Matrɔ dzɔgbevɔ̃e si dze na wo la, akɔ ɖe wo dzi.’


Yehowa be, “Maɖo nugblẽla ƒomevi ene ɖe wo: yi be wòawu ame, avu be wòahe wo adzoe, dziƒoxeviwo kple anyigbadzilã wɔadãwo be, woavuvu wo eye woatsrɔ̃ wo.


“Dɔ vɔ̃wo ava wu wo, womafa na wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba. Woatsrɔ̃ le yi kple dɔwuame ta, eye woƒe ŋutilã kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadã siwo le anyigba dzi.”


Le ɣe ma ɣi la, ame siwo Yehowa wu la akaka ɖe afi sia afi, tso anyigba ƒe go sia dzi yi go kemɛ dzi. Womafa na wo alo aƒo wo ƒu alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.


makplɔ de asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Woƒe ŋutilã kukua azu nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple gbemelãwo.


“Mahe xaxa va ameawo dzi, eye woazɔ abe ŋkugbagbãtɔwo ene, elabena woda vo ɖe Yehowa ŋu. Woƒe ʋu akɔ ɖi abe ʋuʋudedi ene, eye woƒe dɔmenuwo akaka abe gbeɖuɖɔ ene.


Ne miewɔ esiawo la, ekema ame kɔkɔe siwo wowu le anyigba dzi tso keke Abel dzi va se ɖe Zekaria, Barakia ƒe vi si miewu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome le gbedoxɔa me la, ƒe ʋu ava mia dzi.


Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me; wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.”


Amewo atso ƒome ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me akpɔ woƒe ŋutilã kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye woagbe be yewomaɖi wo o.


elabena wokɔ wò ame kɔkɔewo kple wo nyagblɔɖilawo ƒe ʋu ɖe anyi, eye nèkpe ʋu na wo be woano abe ale si dze wo ene.”


Mekpɔ be nyɔnu la mu ame kɔkɔewo kple ame siwo ɖi ɖase le Yesu ŋuti la ƒe ʋu. Esi mekpɔe la, nye mo wɔ yaa.


Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple ame siwo katã wowu le anyigba dzi la ƒe ʋu le mewò.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa