3 Nu siwo míese, eye míenya, nu siwo mía fofowo tsɔ tu xoe na mí.
3 Nusi miese, míenya, eye mía fofowo tsɔ da xo na mi la,
“Nye ŋkuwo kpɔ nu siawo katã, nye towo se wo eye wose wo gɔme.
Dzidzime ɖeka akafu wò dɔwɔwɔwo na dzidzime bubu, eye woatu xo le wò nu dzɔatsuwo ŋu.
O! Mawu, míawo ŋutɔ míesee kple míaƒe towo, nu siwo mía fofowo gblɔ na mí tso nu siwo nèwɔ na wo le woƒe ɣeyiɣiwo me le blema.
Abe ale si míese ene la, nenemae míekpɔe le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la kple míaƒe Mawu la ƒe du mee. Mawu na wòanɔ dedie tegbetegbe. Sela
Esiawo anye ŋutinya siwo nàgblɔ na viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo tso nukunu siwo mele wɔwɔm le Egipte la ŋu! Miƒo nu na wo tso ale si mewɔ Egiptetɔwo wozu abunɛtɔwo kple ale si meɖee fia mi bena nyee nye Yehowa la ŋuti.”
Le gbe ma gbe la, migblɔ na mia viŋutsuwo be, ‘Mele esia wɔm ɖe nu si Yehowa wɔ nam, esi medo go le Egipte la ta.’
Ame gbagbewo koe akafu wò abe ale si mele wɔwɔm egbe ene, eye fofowo agblɔ wò nuteƒewɔwɔ na wo viwo.