1 O! Nye dukɔ, mise nye nufiame, eye miɖo to nye numenyawo.
1 Asaf ƒe nufiameha. Nye dukɔ, mise nye nufiame; miƒu le anyi ɖe nye nu me nyawo ŋu!
Mawu ŋusẽtɔ, Yehowa ƒo nu heyɔ takpekpe na anyigba la tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to.
“See, o nye dukɔ, mele nu ƒo ge, O! Israel, maɖu ɖasefo ɖe ŋuwò, elabena nyee nye Mawu, wò Mawu la.
Ŋuwò, wò ko ŋu mewɔ nu vɔ̃ ɖo, eye nu si nye vɔ̃ le wò ŋkume la mewɔ, eya ta ne èle nu ƒom la, woaɖee afia be tɔwò dzɔ, eye ne ètso afia la, woagblɔ be ele eteƒe.
O! Mawu, nu ka ŋuti nègble mí ɖi ɖikaa? Nu ka ta wò dɔmedzoe bi ɖe wò alẽ siwo le wò lãnyiƒe ŋuti?
Ƒu to anyi eye nàse nunyalawo ƒe nyawo, na wò dzi naku ɖe nu si fiam mele ŋuti,
“Nye amehawo, miɖo tom, nye dukɔ, miaƒe to nenɔ ŋunye: Nufiame atso gbɔnye, eye nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anye kekeli na dukɔwo.
Miɖo to ne miava gbɔnye. Miɖo tom be miaƒe luʋɔ nanɔ agbe. Mabla nu mavɔ kpli mi, elabena metsɔ nye lɔlɔ̃ si meʋãna o la do ŋugbee na David.
Ame si to senu li na la nesee.”
“Miɖo to, mi fiawo kple fiaviwo, mele ha dzi ge tso Yehowa ŋu, tso Israel ƒe Mawu la ŋu.