Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 77:3 - Agbenya La

3 O! Mawu, meɖo ŋku dziwò, eye meɖe hũu. Mele ŋeŋem, eye nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Sela

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Medi Aƒetɔ la le nye xaxaɣiwo me; meke nye abɔwo me le zã, eye womedo agblɔ o; akɔfafa la, toxa ko nye luʋɔ le esem ɖo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 77:3
21 Mawu Ofanana  

Ƒometɔwo katã dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ do kpoe. Egblɔna be, “Medi be maku le vinye la fafa me,” eye wògawoa avi hehehe!


Ɖe Mawu ƒe akɔfanamenya siwo wògblɔ bɔlɔɔ la, mesɔ agbɔ na wò oa?


Elabena gbegblẽ si tso Mawu gbɔ la le ŋɔ dzim nam, eye vɔvɔ̃ na eƒe atsyɔ̃ mana mawɔ nu mawo o.


Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo le nye lãme, nye gbɔgbɔ le aɖi si le dodom le wo me la nom. Woƒo Mawu ƒe ŋɔdzidodowo nu ƒu ɖe ŋunye.


“Eya ta nyemazi ɖoɖoe o, maƒo nu tso nye gbɔgbɔ ƒe vevesese me, eye mafa konyi le nye luʋɔ ƒe nuxaxa me.


O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.


O! Nye luʋɔ, nu ka ŋuti nèle nu xam? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.


O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.


Miyɔm le xaxagbe, maɖe mi, eye miade bubu ŋutinye.”


Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu, meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli; azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi,


Medi ame si nye dzi lɔ̃na la le nye aba dzi zã blibo la katã; medii, gake nyemekpɔe o.


Esi nèhe to na wo, eye womagate ŋu akɔ gbe dzi ado gbe ɖa o la, Yehowa, wova gbɔwò le woƒe xaxa la me.


Mèganye ŋɔdzinu nam o elabena wòe nye nye sitsoƒe le gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.


Woxɔ ŋutifafa le asinye, meŋlɔ nu si dzɔgbenyui nye la be.


Nu ka ta amegbetɔ ahe nya ne wohe to nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa