Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 76:9 - Agbenya La

9 O! Mawu, esi nètso be yeatso afia, aɖe anyigba la ƒe hiãtɔwo la, nu sia nu zi ɖoɖoe. Sela

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ena wose wò afiatsogbe tso dziƒo; dzika tso anyigba ƒo, eye ɖoɖoe zi le eŋu;

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 76:9
12 Mawu Ofanana  

Elabena Yehowa do dzidzɔ ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòtsɔ ɖeɖe ɖɔ na ame gblɔewo.


Ekplɔa ɖokuibɔbɔlawo to nu dzɔdzɔe wɔwɔ me, eye wòfiaa eƒe mɔ wo.


Aʋli ame siwo ƒe dzi gbã la ta, axɔ na hiãtɔwo ƒe viwo, eye wòagbã ameteɖetola la nyanyanya.


gake adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔnyenye me, eye wòatso afia na anyigbadzihiãtɔwo ɖe eteƒe. Atsɔ eƒe numetikplɔ aƒo anyigba la, eye wòatsɔ eƒe numegbɔgbɔ atsrɔ̃ ŋutasẽlawoe.


eye woda ami hezrɔ̃ lãlãlã. Seɖoƒe meli na woƒe nu tovowo wɔwɔ o, womexɔa nya ɖe tsyɔ̃eviwo nu be woaɖu dzi o, eye womeʋlia ame dahewo ƒe ablɔɖevinyenye ta o.”


Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, xexea me katã nazi ɖoɖoe le eŋkume.


Midi Yehowa, mi anyigbadzitɔ siwo katã bɔbɔ mia ɖokui, mi ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Midi dzɔdzɔenyenye, midi ɖokuibɔbɔ; ɖewohĩ woatsyɔ nu mia dzi le Yehowa ƒe dzikuŋkeke la dzi.


Enumake Yehowa gblɔ na Mose, Aron kple Miriam be, “Miva agbadɔ la me, mi ame etɔ̃ la katã.” Ale wo ame etɔ̃awo katã wodo go.


Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo fa tu, miawoe anyi anyigba la ƒe dome.


ke boŋ miaƒe tugbedzedze nanye ememetɔ, tugbedzedze malũxɛ si nye tufafa kple bɔbɔenyenye ƒe gbɔgbɔ si xɔ asi le Mawu ƒe ŋkume ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa