“Miyi miabia Yehowa nam kple ameawo kple Yuda blibo la tso nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si wofɔ la ŋuti. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu elabena mía fofowo mewɔ ɖe agbalẽ sia me nyawo dzi o; womezɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ tso mía ŋu ɖe agbalẽ sia me la nu o.”
Ke Yehowa koe nye nyateƒe ƒe Mawu, eyae nye Mawu gbagbe kple Fia mavɔ. Ne ebi dzi la, anyigba ʋuʋuna eye dukɔwo mate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu o.
“Maɖe Edom ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka, abe ale si dzata doa go tso Yɔdan ƒe ave dodowo me gena ɖe gbe damawo dzi ene. Ame ka wotia da ɖi ne matɔ asi edzi wòawɔ esia? Ame ka le abe nye ene eye ame kae aʋli ho kplim? Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?”
Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu? Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu? Ekɔ eƒe dɔmedzoe ɖe anyi abe dzo ene, eye agakpewo kaka le eŋkume.