Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 76:5 - Agbenya La

5 Woha kalẽtɔwo, wodɔ woƒe alɔ̃ mamlɛtɔ; aʋawɔla siawo dometɔ ɖeka pɛ hã magate ŋu akɔ eƒe asiwo dzi o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eklẽ, eye ŋuwò kɔ wu blematowo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 76:5
10 Mawu Ofanana  

Kpɔm ɖa, eye nàɖo nya ŋu nam, O! Yehowa, nye Mawu. Na kekeli naklẽ ɖe nye ŋkuwo dzi, ne menye nenema o la, madɔ alɔ̃ ayi ku me.


“Asiria atsi yi si menye amegbetɔ tɔ o la nu; yi si menye kodzogbeawo tɔ o lae atsrɔ̃ wo. Woasi le yi nu, ke woalé woƒe ɖekakpuiwo woawɔ dɔ dzizizitɔe.


Emegbe la, Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ.


Miɖo tom, mi dzimesẽlawo kple mi, ame siwo le adzɔge na dzɔdzɔenyenye.


Ke ne dzo ɖo lãme na wo vɔ keŋ la, maɖo nuɖukplɔ̃ na wo, eye mana woamu aha, ale gbegbe be woado ɣli anɔ nu kom xaxaxa, emegbe woadɔ alɔ̃ tegbee, eye womanyɔ akpɔ o.” Yehowae gblɔe.


Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.


O Asiria fia, wò kplɔlawo le akɔlɔ̃e dɔm; wò bubumewo mlɔ anyi le dzudzɔm. Woakaka wò amewo ɖe towo dzi, eye ame aɖeke maƒo wo nu ƒu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa