Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 76:12 - Agbenya La

12 Etsi dziɖulawo ƒe gbɔgbɔ nu; anyigbadzifiawo katã vɔ̃nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Miɖe adzɔgbe, eye miwɔ edzi na Yehowa, mia Mawu la! Mi amesiwo le eŋu godoo la, mitsɔ nunanawo vɛ na amesi ŋu ŋɔdzi le!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 76:12
15 Mawu Ofanana  

eye Yehowa ɖo dɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ Asiria fia ƒe aʋakɔ la kple eƒe asrafomegãwo kple aʋafiawo katã eye Fia Senakerib trɔ yi aƒe kple ŋukpe gã aɖe. Esi wòva ɖo eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, eya ŋutɔ via ŋutsuwo va dzae kple yi ɖe afi ma.


Eya ta mi fiawo, midze nunya, eye mi anyigbadzidumegãwo, miɖo to nuxlɔ̃ame.


Tete wòka mo na wo le eƒe dɔmedzoe me, eye wòdo ŋɔdzi na wo le eƒe dziku helĩhelĩ me hegblɔ be,


Ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu ale gbegbe, eyae nye Fiagã ɖe anyigba la katã dzi!


“Mitsɔ akpedavɔsawo na Mawu, eye mixe miaƒe adzɔgbeɖefewo na Dziƒoʋĩtɔ la.


“Fiawo kple aʋakɔwo, misi kaba, elabena amewo le afunyinuwo ham le asaɖawo me.


O! Mawu, ŋɔdzi le ŋuwò le wò kɔkɔeƒe la; Israel ƒe Mawu la na ŋusẽ kple ŋutete eƒe dukɔ la. Woakafu Mawu!


Le ŋkeke ma dzi la, Yehowa ahe to na ŋusẽ siwo le dziƒonutowo me kple fia siwo le anyigba dzi.


Ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui siawo kpe ɖe kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe Dzudzɔgbe ŋu. Vɔ siwo woasa le ŋkekenyui siawo dzi la akpe ɖe miaƒe ɣe sia ɣi ƒe nunanawo kple adzɔgbeɖefewo ŋu.)


“Metsrɔ̃ dukɔ geɖewo, megbã woƒe mɔ sesẽwo, mena woƒe ablɔwo dzi ɖi gbɔlo, eye ame aɖeke megatoa wo dzi o. Woƒe duwo gbã, eye ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ o.


Esi Amoritɔwo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple Kanaantɔwo, ame siwo nɔ Domeƒu la nu se be Yehowa na Yɔdan tɔsisi la mie, ale be Israelviwo te ŋu zɔ ƒuƒuiƒe le tɔʋu la me hetso tɔsisia la, dzi ɖe le wo ƒo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔŋutɔ.


Tete anyigbadzifiawo, bubumewo, aʋafiawo, hotsuitɔwo, kalẽtɔwo kple kluvi ɖe sia ɖe kple ablɔɖevi ɖe sia ɖe yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agadowo me kple agakpewo dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa